Ewe of Togo and Ghana

Yohanes

Yohanes 1

1 Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya la nye Mawu. 2 Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me. 3 To eya amea me wowɔ nuwo katã eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ o. 4 Eya amea mee agbe le eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli. 5 Kekeli la klẽ ɖe viviti me eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o. 6 Ame aɖe va tso Mawu gbɔ, eƒe ŋkɔe nye Yohanes. 7 Ame sia va be yeaɖi ɖase tso Kekeli la ŋu, ale be to eya amea dzi la amewo katã naxɔ ase. 8 Menye Yohanes ye nye Kekeli la o, eya la, ɖeko wòva be yeaɖi ɖase le Kekeli la ŋu. 9 Kekeli vavã si aklẽ na amewo katã la le mɔ dzi gbɔna va xexeame. 10 Eya amea nɔ xexeame gake xexeame mekpɔe dze sii o, evɔ eya amea dzie woto wɔ xexeame. 11 Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o. 12 Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu viwo, 13 ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me. 14 Nya la trɔ zu ame va nɔ mía dome le anyigba sia dzi eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒea. Mí ame aɖewo míekpɔ eƒe Ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la, ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ. 15 Yohanes ɖi ɖase le eŋuti hegblɔ bena, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le na mi esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’”" 16 Ena yayra geɖe mi tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me. 17 Esi Mose va la, etsɔ Se sesẽ la kple kuxi geɖe, siwo le edziwɔwɔ me la, vɛ na mi. Ke Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ na mi. 18 Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si ke nye Vi ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si sɔ kple Mawu eye wòle Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí. 19 Azɔ esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esime Yudatɔ siwo le Yerusalem dɔ Osɔfowo kple Levitɔwo ɖo ɖe egbɔ ne woabiae be," “Ame kae nènye?” 20 Mesẽ nu o, ke boŋ eʋu eme na wo faa be, “Menye nyee nye Kristo la o.” 21 Wogabiae be, “Ekema ame kae nènye, Eliya?” Egaɖo eŋu be, “Kpao, menye Eliyae menye o.” Wogabiae ake be, “Nyagblɔɖila lae nènyea?” Eye wòɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye nyagblɔɖila lae menye o.” 22 Amedɔdɔawo gayi edzi biae bena, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.” 23 Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye gbe si le ɣli dom le gbea dzi be, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe’” 24 Farisitɔwo ƒe amedɔdɔwo hã, 25 biae be, “Esi menye wòe nye Kristo la alo Eliya loo alo Nyagblɔɖila la o la, nu ka ta nèle mawutsi dem ta na amewo ɖo?” 26 Yohanes ɖo eŋu na wo bena, “Nye la, mele mawutsi dem ta na amewo kple tsi ƒuƒlu ko, gake ame aɖe le mia dome afii, si mienya o. 27 Ame sia le yonyeme gbɔna eye nyemadze be manye amea ƒe subɔvi gɔ̃ hã o.”" 28 Nu siawo katã dzɔ le Betania, kɔƒe aɖe si le Yɔdan tɔsisia godo, afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le la me. 29 Le ŋufɔke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ bena," “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem! 30 Eya ŋutie menɔ nu ƒom le esi megblɔ bena, ‘Ŋutsu aɖe gbɔna kpuie, ame si de ŋgɔ wum boo, eye wòli xoxoxo hafi nye ya meva dzɔ gɔ̃.’ 31 Nye ŋutɔ nyemenya ame si wònye o, ke nye dɔ koe nye be, made mawutsi ta na amewo kple tsi atsɔ aɖee afia Israel dukɔa.” 32 Azɔ Yohanes ɖi ɖase le ale si wòkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wònɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me nɔ ɖiɖim ɖe Yesu dzi tso dziƒo la ŋu. 33 Yohanes gblɔ ake be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o. Gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Nenye be èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae bena eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’ 34 Mekpɔe be nu sia tututue dzɔ ɖe ŋutsu sia dzi eya ta meɖi ɖase bena eyae nye Mawu Vi la.” 35 Le ŋkeke evea gbe la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃la eve aɖewo nɔ tsitre ɖe teƒe aɖe eye Yesu va to wo gbɔ yina. 36 Yohanes li ŋku ɖe Yesu dzi gãa eye wògblɔ bena, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi lae nye ekem!” 37 Nusrɔ̃la eveawo dzo le Yohanes gbɔ dze Yesu yome. 38 Yesu trɔ kɔ kpɔ wo wonɔ eyome eye wòbia wo bena, “Nu ka dim miele?” Woawo hã ɖo eŋu be, “‘Rabi’” (si gɔmee nye Nufiala) “afi kae nye wò nɔƒe?” 39 Yesu gblɔ na wo bena, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi trɔ dzo. 40 Ame siawo dometɔ ɖekae nye Andrea si nye Simɔn Petro nɔvi. 41 Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la”, si gɔmee nye Kristo la 42 Enumake ekplɔ nɔvia Simɔn va Yesu gbɔ. Yesu kpɔe dũu eye wògblɔ be, “Wòe nye Simɔn, Yohanes vi. Woayɔ wò azɔ be Kefa”" Esia gɔmee nye Kpe Gbadza. 43 Le ŋufɔke la, Yesu ɖoe be yeayi Galilea, esi wònɔ mɔa dzi yina la, edo go Filipo eye wògblɔ nɛ be," “Va, nãdze yonyeme.” 44 Filipo sia tso Betsaida si nye Andrea kple Petro wo de. 45 Filipo hã ɖe abla yi ɖadi Nataniel eye wògblɔ nɛ bena, “Nɔvi, míeke ɖe Mesia, ame si ŋuti woŋlɔ nu tsoe le nyagblɔɖilawo kple Mose ƒe sea me la ŋu. Eŋkɔe nye Yesu, eye fofoa nye Yosef si tso Nazaret.” 46 Nataniel do ɣli enumake gblɔ bena, “Nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaret mahã?” Filipo ɖo eŋu nɛ bena, “Wò ŋutɔ va nãva kpɔe ɖa.” 47 Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ be, “Israel vi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.” 48 Nataniel bia Yesu be, “Aleke nèwɔ nya ame si ƒomevi menye?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mekpɔ wò le gboti ma te xoxoxo hafi Filipo va yɔ wò gɔ̃.” 49 Nataniel gblɔ bena, “Nufiala, wòe nye Mawu Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe Fia la!” 50 Yesu gabiae bena, “Đee nèxɔ dzinye se elabena mete ŋu kpɔ wò le gboti ma tea? Nu gãwo wu esia, aɖe ame si menye afia wò. 51 Èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu eye mawudɔlawo anɔ Nye Mesia alo Amegbetɔ Vi la gbɔ vam aganɔ dziƒo yim kura gɔ̃.”

Yohanes 2

1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea nutomea me. 2 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã. 3 Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ va gblɔ nya sia nɛ. 4 Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.” 5 Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo bena, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.” 6 Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo me. 7 Yesu gblɔ na subɔlawo be, “Miku tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ.” Ale wowɔ nenema. 8 Egagblɔ na wo bena, “Azɔ mikui yi ɖana nuɖuɖudzikpɔla la.” Wowɔ nenema. 9 Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔlawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la eye wògblɔ nɛ bena, 10 “Wò la èto vovo kura tso ame bubuwo gbɔ elabena zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo na wain nyuitɔ woƒe amekpekpewo gbã eye ne ame sia ame noe wosui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vanɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.” 11 Nukunu si Yesu wɔ le Kana le Galilea lae nye gbãtɔ si wòwɔ hetsɔ ɖe ŋusẽ si wòxɔ tso dziƒo la fia. Esia na be eƒe nusrɔ̃lawo hã xɔe se be eyae nye Mesia, ame si lava." 12 Esi srɔ̃ɖeŋkekenyui la wu enu la, Yesu kple dadaa, nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum eye wonɔ afi ma ŋkeke ʋee aɖewo. 13 Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖo edzi la, Yesu yi Yerusalem." 14 Le afi sia la, ekpɔ asitsalawo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram hena vɔsasa. Gaɖɔlilawo hã nɔ teƒea nɔ ga ɖɔ lim na amewo. 15 Enumake Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me, enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. 16 Azɔ ezɔ yi ame siwo nɔ akpakpawo dzram la gbɔ eye wòɖe gbe na wo bena, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe Aƒe wɔ asimee o!” 17 Nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, “Didi vevi aɖe le menye be mawɔ dɔ akɔ wò aƒe alo gbedoxɔ la ŋu.” 18 Azɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo va Yesu gbɔ va biae bena, “Ŋusẽ kae nèkpɔ bena nãnya ameawo do goe? Nenye be èka ɖe edzi be Mawue na ŋusẽ sia ye la ekema wɔ nukunu aɖe nãtsɔ ɖo kpe edzii na mi.” 19 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mawɔ nukunu aɖe na mi, eyae nye be, migbã mawuxɔ sia eye nye la magbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe.” 20 Ameawo katã do ɣli be, “Nu ka! Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ mea?”" 21 Ke “gbedoxɔ” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã. 22 Esi Yesu tsi tre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be, nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu eye wo katã hã va eme vavã. 23 Nukunu geɖe siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na bena ame geɖe xɔe se be eyae nye Mesia la vavã. 24 Ke Yesu meka ɖe ame siawo ƒe xɔse dzi o, elabena edze si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme. 25 Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me."

Yohanes 3

1 Azɔ la ame aɖe si tso Farisitɔwo dome, eye eƒe ŋkɔe nye Nikodemo la li; enye Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔla. 2 Eva Yesu gbɔ le zã me eye wògblɔ bena, “Rabi, menyae be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.” 3 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Esia le eme, gake le nyateƒe me, mele egblɔm na wò bena, ne womegbugbɔ wò dzi o la, mãte ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.” 4 Nikodemo do ɣli gblɔ be, “Đe nèbe woagadzim akea? Nya sia gɔme ɖe? Aleke wɔ ame tsitsi nagatrɔ ayi dadaa ƒe vidzigolo me be woagadzii ake?” 5 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nya si dzi mele gbe tem ɖo lae nye be, ne womegbugbɔ ame aɖe dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. 6 Amegbetɔ ate ŋu adzi ŋutilã ko gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae naa agbe yeye tso dziƒo. 7 Le esia ta megawɔ nuku na wò bena megblɔ na wò be ele be woagbugbɔ wò adzi o. 8 Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃, ãte ŋu ase eŋkɔ gake mãte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o, nenema kee wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me.” 9 Nikodemo gabia Yesu bena, “Nu ka tututu gblɔm nèle? Nyemese wò nyaa gɔme o.” 10 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Wò, Israel ƒe nufiala, mèse nu siawo gɔme oa? 11 Le nyateƒe me la, míawo la, míeƒoa nu tso nu siwo mienya, eye míeɖia ɖase tso nu siwo míekpɔ la ŋu, ke hã la miexɔa míaƒe ɖaseɖiɖi o. 12 Esi megblɔ nu siwo le edzi yim le amewo dome le anyigba dzi le afii la na wò gake mèxɔ wo dzi se o ɖe, aleke nãwɔ axɔe se ne megblɔ nu siwo le edzi yim le dziƒo la na wò? 13 Elabena nye Mesia alo Amegbetɔ Vi la koe tso dziƒo va anyigba dzi eye magatrɔ ayi dziƒo. 14 ”Abe ale si Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzii, 15 be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ. 16 Elabena Mawu lɔ̃a xexeame ale gbegbe bena wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na bena, ame sia ame si axɔ edzi ase la, matsrɔ̃ o, ke boŋ akpɔ agbe mavɔ. 17 Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexeame o, ke boŋ be woaɖe xexeame to eya amea dzi. 18 ”Ame siwo xɔ edzi se la, womadrɔ̃ ʋɔnu wo o. Ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la dzi se o. 19 Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be, Kekeli tso dziƒo va xexeame, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ. 20 Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la elabena wodi vevie bena yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe. 21 Gake ame siwo le nu nyui wɔm la, vaa Kekeli la gbɔ dzidzɔtɔe bena ame sia ame nakpɔe be yewole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm.” 22 Le esia megbe la, Yesu kple ƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem heyi Yudea afi si wonɔ ŋkeke ʋee aɖewo hede mawutsi ta na amewo. 23 Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔgbɔ ɖe afi ma, eye amewo le vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo 24 Esia do ŋgɔ na Yohanes léle de gaxɔ me. 25 Gbe ɖeka la, nyaʋiʋli ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Yudatɔwo dome tso Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔkɔnu la ŋu. 26 Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nedo goe le Yɔdan tɔsisia godo, ame si nèbe eyae nye Mesia la hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖe le egbɔ yim, le esime wòle be woava mia gbɔ boŋ hafi.” 27 Yohanes ɖo eŋu na wo bena, “Mawu si le dziƒo la de dɔ tɔxɛ asi na ame sia ame. 28 Nye dɔe nye be madzra mɔ ɖo ɖi na ŋutsu sia bena ame sia ame nate ŋu ayi egbɔ. Miawo ŋutɔwo miaɖo ŋku edzi be megblɔ na mi va yi kɔtee be, menye nyee nye Mesia la o. Nye ya la, nu si wɔ ge meva la koe nye be mata mɔ na Mesia la. 29 Ele eme be amewo ƒoa zi ɖe nu nyui ɖe sia ɖe ŋu. Nenema ke ŋugbetɔ ayi afi si ŋugbetɔsrɔ̃ la le, eye afi mae ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo akpɔ dzidzɔ kplii le. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔ yɔ menye ɖe eƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋuti. 30 Ele be eya amea natsi ɖe edzi gbeawotsyogbe. Ke nye la, mayi to. 31 “Ame sia la, dziƒoe wòtso eye ede ŋgɔ wu amewo katã. Nye la, anyigba dzie metso eye nye nunya kple nugɔmesese mate ŋu akɔ wu anyigbadzitɔwo tɔ o. 32 Eɖia ɖase tso nu si wòkpɔ kple nu si wòse la ŋuti, gake ame ʋee aɖewo koe xɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi sena. 33 Ame si xɔ edzi se la ɖi ɖase be Mawue nye anukwaretɔ, 34 Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo, elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me. 35 Fofo la lɔ̃a Via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de eƒe asime. 36 Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la, akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la, makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dziku anɔ wo dzi ɖaa.”

Yohanes 4

1 Farisitɔwo se be Yesu le nusrɔ̃lawo kpɔm fũu eye wòle mawutsi dem ta na amewo tsɔ wu Yohanes, 2 togbɔ be menye eya ŋutɔe le mawutsi dem ta na amewo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe. 3 Esi Yesu se nya sia la, edzo le Yudea, hetrɔ yi Galilea nutome. 4 Enɔ na Yesu be wòato Samaria nutome hafi ayi Galilea. 5 Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, eva ɖo Samariatɔwo ƒe du aɖe si woyɔna be Sikar la ƒe gbɔto. 6 Yakɔb ƒe vudo la le afi sia. Vudo sia le anyigba si Yakɔb tsɔ na via Yosef la dzi. Le mɔ legbe si wòzɔ le ŋdɔ sesẽ nu kple ɖeɖiteameŋu ta la, Yesu bɔbɔ nɔ vudoa gbɔ be yeadzudzɔ. 7 Eteƒe medidi o, Samaria nyɔnu aɖe va be yeaku tsi, ale Yesu biae be nena tsi vi aɖe ye yeano. 8 Yesu ɖeka koe nɔ teƒea le ɣeyiɣi sia me elabena eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi kɔƒea me nuɖuɖu ƒle ge. 9 Ewɔ nuku na Samaria nyɔnua ŋutɔ be Yesu si nye Yudatɔ la bia nu ye Samariatɔ. Le nyateƒe me la, Yudatɔwo meƒoa nu kple Samariatɔwo o. Le esia ta Samaria nyɔnua gblɔ na Yesu bena, “Aleke wò Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?” 10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya ame si ƒomevi menye kple nunana xɔasi si Mawu ɖo ɖi na wò la, anye ne ãbiam be mana agbetsi la ƒe ɖe ye.” 11 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Vudo sia goglo ŋutɔ eye naneke mele asiwò be nãtsɔ aku tsii le eme o. Afi ka nèle agbetsia kpɔ ge le? 12 Hekpe ɖe esia ŋu la, wòe de ŋgɔ wu mia tɔgbuitɔgbui Yakɔb mahã? Aleke wɔ wò nãte ŋu ana tsi si nyo wu tsi si eya kple viawo kpakple eƒe nyiwo no va yi?” 13 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne amewo no tsi sia ƒe ɖe la, tsikɔ gawua wo. 14 Gake tsi si mana wò la, azu agbetsi anɔ dzidzim le mewò, ana be tsikɔ magawu wò o, ke boŋ ahe agbe mavɔ vɛ na wò.” 15 Nyɔnu la gblɔ na Yesu bena, “Aƒetɔ, meɖe kuku, na tsi sia ƒe ɖem! Ekema nyemagazɔ azɔli tso keke dua me ke ava nɔ tsi kum le afi sia gbe sia gbe o.” 16 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Heyi nãyɔ srɔ̃wò vɛ.” 17 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Srɔ̃ mele asinye o” Yesu gblɔ nɛ be, “Èto nyateƒe esi nègblɔ be srɔ̃ mele asiwò o.” 18 Elabena èɖe ŋutsu atɔ̃ kpɔ, eye ame si gbɔ nèle fifia hã la menye srɔ̃wò wònye o, èto nyateƒe le nya sia me.” 19 Egblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mexɔe se be nyagblɔɖilae nènye. 20 Nu ka tae mi Yudatɔwo mienɔa gbɔgblɔm godoo be, Yerusalem kokokoe wòle be woasubɔ Mawu le, evɔa mí Samariatɔwo hã miebe, ele be woasubɔ Mawu le to sia dzi elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔe le?” 21 Yesu gblɔ nɛ bena, “Nyɔnu, xɔm se be, ɣeyiɣi gbɔna eye womagasubɔ Fofo la le to sia dzi alo leYerusalem o. 22 Mi Samariatɔwo la, miesubɔa nu si mienya o, ke míawo la míesubɔa nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ. 23 Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi 24 Mawu nye Gbɔgbɔ eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” 25 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Nye la, menyae bena Mesia alo Kristo la le vava ge eye ne eva la, aɖe nu sia nu gɔme na mí.” 26 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mesia la.” 27 Esi wògblɔ nya sia vɔ teti ko la, eƒe nusrɔ̃lawo va do. Ewɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ bena Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe gake wo dometɔ aɖeke mebia nu si ta wòle nu ƒom kple nyɔnua alo nu si me dzrom wonɔ la o. 28 Nyɔnu la gble eƒe tsize la ɖe vudoa to eye wòtrɔ yi dua me ɖagblɔ na ame siwo wòkpɔ la be, 29 “Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Đe manye ame siae nye Kristo la oa?” 30 Ale ame geɖewo tso dua me va bena yewoakpɔ amea ɖa. 31 Esi nuɖuɖua sɔ gbe la, nusrɔ̃lawo ɖe kuku na Yesu be wòaɖu nu. 32 Ke Yesu gblɔ na wo bena, “Nyemaɖu nu o, elabena nuɖuɖu aɖe le asinye esi ŋu miawo mienya nu le o.” 33 Ke nusrɔ̃lawo bia le wo nɔewo dome be, “Ame kae tsɔ nuɖuɖua vɛ nɛ?” 34 Yesu ɖe eme na wo bena, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si ɖom ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu eye mawu dɔ si wòdɔm la nu. 35 Menye miawoe nɔa gbɔgblɔm be esusɔ ɣleti ene ne nuŋeɣi naɖo oa? Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, ne miakpɔ agblewo dzi ɖa, nukuawo tsi eye wole klalo na ŋeŋe xoxo. 36 Nuŋelawo axɔ fetu nyuiwo eye woakplɔ ame geɖewo va agbe mavɔ la mee. Nuƒãlawo kple nuŋelawo siaa akpɔ dzidzɔ geɖe. 37 Enye nyateƒe be, ame aɖee doa nu hafi ame aɖe va ŋena. 38 Nye la, medɔ mi be miayi aɖaŋe nu le afi si mieƒã nu ɖo o, ame bubuwoe ƒã nua hafi miawo mieyi ɖaŋe wo.” 39 Esi Samaria nyɔnua gblɔ na wo detɔwo be Yesu gblɔ nu sia nu si yewɔ kpɔ la na ye la, ame geɖe ŋutɔ le dua me xɔe se be Yesue nye Mesia la. 40 Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ be wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ wo gbɔ ŋkeke eve 41 Le eƒe nyawo ta la, ame geɖe wu xɔ edzi se. 42 Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to be, “Azɔ la, miawo hã miexɔ edzi se elabena míawo ŋutɔ hã miese nya geɖewo tso eƒe nu me, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Le nyateƒe me la, ame siae nye xexeame ƒe Đela vavã.” 43 Le ŋkeke eve megbe la, edzo yi Galilea. 44 Elabena Yesu ŋutɔ gblɔe ɖi xoxo be, nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ de o. 45 Gake esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe alɔ eve, elabena ewɔ nukunu geɖewo wokpɔ le Yerusalem esi wòyi ɖaɖu ŋutitotoŋkeke nyui la le afi ma. 46 Yesu gava Kana le Galilea afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le. Afi mae wòdo go fiaŋutime aɖe le, ŋutsu sia ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum. 47 Esi wòse be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye. 48 Yesu biae bena, “Ke mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, negbe ɖeko mewɔ nukunu geɖewo hafia?” 49 Aʋafia la ɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, va míyi kaba hafi vinyea naku?” 50 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Trɔ nãyi aƒe elabena viwò la ƒe lãme sẽ.” Aʋafia la xɔ Yesu dzi se eye wòtrɔ hedze aƒemɔ dzi. 51 Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be, via ƒe lãme sẽ. 52 Aʋafia la bia wo be woagblɔ gaƒoƒo si me tututu ŋutsuvi la ƒe lãme sẽ la na ye. Woɖo eŋu nɛ bena, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã sesẽ la dzo ɖa le edzi kpata.” 53 Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale Aʋafia sia kple eƒe aƒe me tɔwo katã xɔe se be Yesue nye Mesia la vavã 54 Esia nye Yesu ƒe nukunu evelia si wòwɔ esi wòtso Yudea va Galilea.

Yohanes 5

1 Le nu siawo megbe la, Yesu yi Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe dzi. 2 Taa aɖe nɔ dua ƒe agbo si woyɔna be Alẽgbo la gbɔ. Woyɔa taa sia le Hebrigbe me be Betesda Taa. Wowɔ agbadɔ atɔ̃ ƒo xlãe. 3 Lãmetututɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, titilélawo kple dɔ vovovo lélawo va nɔa agbadɔawo te, le taa la to, henɔa tsia me bublu lalam 4 Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina ɖe tsi la me heblunɛ, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la, ƒe dɔ si lém wònɔ la vɔna nɛ. 5 Ame aɖe hã nɔ teƒea si nɔ dɔ lém ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ. 6 Esi Yesu kpɔe eye wòkpɔe dze sii be ele dɔa lém eteƒe didi la, ebiae be, “Èdi be wò lãme nasẽa?” 7 Dɔnɔa ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, gake ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe tsia me nenye be wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme xoxo.” 8 Yesu gblɔ nɛ bena, “Tsi tre, nãŋlɔ wò aba ne nãyi aƒe me!” 9 Dɔnɔa ƒe lãme sẽ enumake ale wòŋlɔ eƒe aba la hede asi zɔzɔ me. Sabat ŋkekea dzie Yesu wɔ nukunu sia le. 10 Le esia ta la, Yudatɔwo ƒe dumegãwo kpɔ dziku ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu wòda gbe le be, “Egbee nye Sabat, eya ta mèkpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke o. Mɔɖeɖe hã meli be nalé aba ɖe asi anɔ yiyim o!” 11 Ŋutsua ɖo eŋu na wo be, “Ame si da gbe le ŋunye lae na mɔm.” 12 Wobiae be, “Ame kae nye ame ma si ɖe mɔ na wò be nãwɔ esia?”" 13 Amea menya ame si Yesu nye o, evɔ Yesu hã bu ɖe ameha la dome xoxo. 14 Emegbe la, Yesu va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me eye wògblɔ nɛ bena," “Azɔ la, wò lãme sẽ eya ta mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò emegbe la, avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.” 15 Ke ŋutsua yi ɖadi Yudatɔwo ƒe amegãwo eye wògblɔ na wo bena Yesue nye ame si da gbe le ye ŋu. 16 Le esia ta la, Yudatɔwo ti Yesu yome vevie be eda le Sabat ƒe sea dzi. 17 Ke Yesu gblɔ na wo bena, “Fofonye le dɔ nyui wɔwɔ dzi ɖaa va se ɖe fifi, ale nye hã mele eƒe afɔteƒe tom.” Eƒe nya siawo gade ada mo na Yudatɔwo ƒe nunɔlawo ale wodi kokoko be yewoawui. Hekpe ɖe esia ŋu la, wogblɔ be eyɔ Mawu be eyae nye ye Fofo, ale be wòtsɔ eɖokui sɔ kple Mawu. 19 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, nu si wòwɔna lae nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm. 20 Elabena Fofo la lɔ̃a Via be wòawɔ nukunu gãwo wu esi miekpɔ va yi. 21 Via afɔ ame kuku siwo dze eŋgɔ la ɖe tsitre abe ale si Fofo la wɔnɛ ene. 22 Fofo la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ katã gble ɖe Via sime 23 be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋui ene. Gake ne miegbe bena yewomade bubu Mawu Vi si wòɖo ɖe mi la ŋu o la, efia be miele bubu dem Fofo la hã ŋu o. 24 ”Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame sia ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ Mawu si ɖom ɖa la dzi se la, akpɔ agbe mavɔ, ale be womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi agbe mavɔ la me xoxo. 25 Megale gbe tem ɖe edzi na mi bena, ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime ame kukuwo gɔ̃ hã ase nye gbe, ẽ, woase nye Mawu Vi la ƒe gbe, eye ame siwo awɔ ɖe edzi la akpɔ agbe mavɔ. 26 Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via hã me, 27 ale be Vi la nadrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo katã le woƒe nu vɔ̃wo ta elabena eyae nye Mesia alo Amegbetɔvi la. 28 Megawɔ nuku na mi o. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi aɖe li gbɔna; esi ame kuku siwo le yɔdowo me hã ase Mawu Vi la ƒe gbe, 29 eye woatsi tre ado go tso yɔdoawo me. Ana ame siwo wɔ nu nyuiwo la nayi agbe mavɔ la me, ke adrɔ̃ ʋɔnu ame vlo siwo kpɔ dzidzɔ le vɔ̃wɔwɔ ŋuti. 30 ”Nye la medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke hã o, negbe ne Fofo la di tso asinye ko. Hekpe ɖe esia ŋu la, medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu eye ame ŋkumekpɔkpɔ mele eme o, elabena medrɔ̃a ʋɔnu ɖe Mawu si dɔm ɖa la ƒe didi nu. Nye la nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna. 31 ”Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, amewo mexɔnɛ sena o. 32 Ame bubu aɖe li si le ɖase ɖim tso ŋutinye eye menya be eƒe ɖaseɖiɖi tso ŋutinye le eteƒe. 33 ”Miawo la miedɔ amewo ɖe Yohanes gbɔ, eye wòɖi ɖase ɖo kpe nyateƒe la dzi. 34 Gake mana mianya bena, ɖase detotɔ katã wu esi woɖi tso ŋunye metso amegbetɔ aɖeke gbɔ o. Togbɔ be meƒo nu na mi tso Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi ŋuti hã la, ɖe mewɔ esia be miaxɔ dzinye ase ale be miakpɔ ɖeɖe. 35 Yohanes zu kekeli klẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be miekpɔ dzidzɔ le kekelia ŋuti elabena eƒe keklẽ la ɖe vi na mi. 36 Ke nye la, ɖasefo si kɔ wu Yohanes la le asinye. Esiae nye be, mewɔ nukunu geɖe siwo nye dɔ siwo Fofo la tsɔ de asi nam. Woawoe fia be Fofo lae dɔm vavã. 37 Fofo la ŋutɔ ɖi ɖase le ŋunye togbɔ be miekpɔe kpɔ alo meƒo nu na mi kpɔ o hã. 38 Ke, togbɔ be Fofo la le ɖase ɖim na mi hã la, miegbe be yewoamaɖo toe o, elabena miegbe be yewomaxɔ nye, ame si wòdɔ ɖa kple eƒe agbenya la dzi ase o. 39 ”Miedzroa mawunya me tsitotsito elabena miexɔ se bena miekpɔa agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya bliboa katã la, dzinyee wotui ɖo. 40 Gake miegbe gbidii bena yewomava gbɔnye ale be mana agbe mavɔ sia mi o. 41 ”Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o. 42 Ke menya mi, eye menyae be, Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele mia me o. 43 Menya esia elabena nye la meva le fofonye ƒe ŋkɔ me gake miegbe gbidii be yewomaxɔm o, ke esi ɖokuitɔdilawo va le woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ me la, miexɔ wo alɔ eve. 44 Mewɔ nuku nam bena miegbe bena yewomaxɔ dzinye ase o. Elabena miedea bubu mia nɔewo ŋu kple dzidzɔ gake mietsɔ ɖeke le eme na bubu si Mawu ɖeka hɔ̃ɔ hã de mia ŋu o! 45 ”Menye nyee le mia nu tso ge na Fofo la tso nu siawo ŋuti o, ke boŋ Mose, ame si ƒe sewo dzi mietsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔwo katã da ɖo bena ele mia kplɔ ge ayi ɖe dziƒoe la, eyae le mia nu tso ge. 46 Miawo la, miegbe bena yewomaxɔ Mose dzi ase o, anye ne miexɔ nye hã dzinye se. Elabena Mose ŋlɔ nu tso ŋunye gake miexɔ edzi se o. Le esia ta miexɔ nye hã dzinye se o. 47 Esi miexɔ Mose ƒe ŋɔŋlɔwo dzi se o ta la, miexɔ nye hã dzinye se o.”

Yohanes 6

1 Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu si woyɔna hã be Tiberia ƒu la yi egodo. 2 Ameha gã aɖe nɔ eyome elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu. 3 Yesu lia togbɛ aɖe eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ anyi ɖe afi ma. 4 Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la hã te tu aƒe le ɣemaɣi me. 5 Esi Yesu fɔ ta dzi la, ekpɔ ameha gã aɖe gbɔna ɖe egbɔ, etrɔ ɖe Filipo ŋu biae bena, “Filipo, afi kae míakpɔ nuɖuɖu le aƒle na ame gbogbo siawo?” 6 Yesu gblɔ esia bena yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala. 7 Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Míahiã ga home gã aɖe ŋutɔ ne míete kpɔ be míaƒle nuɖuɖu na ame siawo katã!” 8 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simɔn Petro nɔvi, gblɔ nɛ bena, 9 “Ŋutsuvi aɖe le afii si si abolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?” 10 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ la nɔ anyi ɖe gbe dama la dzi. 11 Yesu tsɔ aboloawo eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la, etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã memee eveawo hã ta eye wòtsɔe na ameawo. Ale ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie. 12 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena, “Azɔ, miƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu bena womagazu vlo o.” 13 Woƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu wòyɔ kusi wuieve sɔŋ. 14 Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ bena, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na!” 15 Yesu kpɔe dze sii bena ameawo nɔ didim be yewoalé ye aɖo fia sesẽtɔe eya ta ewɔ dzaa galia togbɛ la eye wòdzo le wo gbɔ. 16 Le fiẽme la, nusrɔ̃lawo yi ƒuta ɖanɔ elalam le afi ma. 17 Zã do vɔ keŋ, gake Yesu medo ta ɖa o. eya ta nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me eye wokui ɖo ta Kapernaum 18 Ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me eye ƒu la dze agbo. 19 Esi woku ʋua abe kilometa atɔ̃ alo ade ko ene la, wokpɔ Yesu wòle tetem ɖe ʋua ŋuti, enɔ zɔzɔm le tsia dzi, ke nusrɔ̃lawo vɔ̃ ŋutɔ. 20 Gake edo ɣli yɔ wo eye wògblɔ na wo bena, womegavɔ̃ o. 21 Esi wonya be Yesue la, wokɔe de ʋua me eye enumake ʋua de tɔkɔ afi si yim wonɔ. 22 Le ŋufɔke la ameha la le tsitre ɖe ƒu la ƒe go kemɛ dzi, eye wokpɔ bena ʋu bubu aɖeke megale afi ma o, negbe ɖeka ko, wokpɔ hã be Yesu meɖo ʋua kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ woawo ɖeɖe koe yi. 23 Tete ʋu bubu aɖewo hã tso Tiberia va ɖo afi si ameawo ɖu abolo si Aƒetɔ la yra kple akpedada le, 24 eya ta ameawo nɔ ŋku lém ɖe wo me nɔ Yesu dim. Ke esi womekpɔ Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo le ʋuawo dometɔ aɖeke me o la, woɖo ʋuawo heyi Kapernaum be yewoaɖadii 25 Esi woɖo Kapernaum la, wokpɔ Yesu eye wobiae be, “Nufiala, ale ke nèwɔ hafi va do ɖe afi sia?” 26 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye kple susu be miexɔ dzinye se ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi nyitsɔ la ta. 27 Nuɖuɖu tea ŋu gblẽna, eya ta migatsi dzi ɖe nu siwo gblẽna la ŋu akpa o. Ke boŋ mitsɔ miaƒe ŋusẽ katã ti agbe mavɔ si Nye, Mesia alo Amegbetɔ Vi la mana mi la yome. Elabena esia tae Mawu Fofo la ɖom ɖe xexeame.” 28 Ameawo biae be, “Nu ka tututue míawɔ be wòadze Mawu ŋu?” 29 Yesu gblɔ na wo be, “Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖe mi la dzi ase.” 30 Tete ameawo biae be, “Nukunu ka nãwɔ míakpɔ be míaxɔ dziwò ase? Nu ka nãwɔ?” 31 Mía fofowo ɖu mana le gbea dzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ena abolo wo tso dziƒo be woaɖu.” 32 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofonyee na aboloa wo, menye Mosee na wo o. Eya ta azɔ la, ele Abolo vavãtɔ nam mi tso dziƒo. 33 Abolo vavãtɔ siae nye Amegbetɔ, si Mawu ɖo ɖa tso dziƒo, eye ame sia naa agbe xexeame katã.” 34 Ameawo gagblɔ bena, “Aƒetɔ, na abolo vavã sia mí gbe sia gbe.” 35 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Nyee nye abolo vavã si naa agbe amewo. Ame sia ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ hã magawui gbeɖegbeɖe o. 36 Gake nu si le fu ɖem na mi, abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene lae nye bena, togbɔ be miekpɔm hã la, miexɔ dzinye se o. 37 Ke ame siwo Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye eye nyemagbe wo xɔxɔ gbeɖe o. 38 Elabena ɖe metso dziƒo va bena mawɔ Mawu si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, ke menye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o. 39 Mawu ƒe didie nye bena, nyemabu ame siwo wòtsɔ nam la ƒe ɖeke o, ke boŋ be makplɔ wo va agbe mavɔ la mee le Nuwuwuŋkekea dzi. 40 Enye Fofo la ƒe didi vevie hã be, ame sia ame si kpɔ Via eye wòxɔ edzi se la, nakpɔ agbe mavɔ eye mafɔe ɖe tsitre le Nuwuwuŋkekea dzi.” 41 Azɔ Yudatɔwo de asi liʋiliʋĩlilĩ me le eŋu le ale si wògblɔ be yee nye abolo si tso dziƒo va la ta. 42 Wodo ɣli hoo be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef vi la oa? Mienya fofoa kple dadaa ɖe! Ke nu ka koŋ gblɔm wòle fifia? Đe wòle gbɔgblɔm be dziƒoe yetso va?” 43 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Migalĩ liʋiliʋĩ be megblɔ nya sia ta o. 44 Elabena ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa lae hee ɖe ŋunye, eye le Nuwuwuŋkekea dzi la, mana ame siawo katã ƒomevi natsi tre. 45 Abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya mee ene la, ‘Woafia nu wo katã tso Mawu ŋuti.’ Ame siwo katã Fofo la ƒo nu na, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la, ava gbɔnye. 46 Menye ɖe mele gbɔgblɔm be ame aɖeke kpɔ Mawu kpɔ ŋkume kple ŋkume o, elabena Nye, ame si tso Fofo la gbɔ la, koe kpɔe kpɔ. 47 ”Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, ame sia ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi xoxo! 48 Nyee nye agbebolo la! 49 Togbɔ be mia fofowo ɖu mana si wona wo tso dziƒo hã la, wo katã woku. 50 Ke esiae nye abolo si ɖi tso dziƒo va, esi ame aɖu eye maku o. 51 Nyee nye agbebolo si ɖi tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexeame ƒe agbe ta.” 52 Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome tso nya si tututu gblɔm Yesu nɔ la ŋuti. Wobia wo nɔewo be, “Aleke ŋutsu sia awɔ atsɔ eƒe ŋutilã ana mi be míaɖu?” 53 Yesu gaɖo eŋu na wo bena, “Mele gbe tem ɖe edzi na mi nyateƒetɔe bena, ne ame aɖe meɖu Mesia alo Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã eye wòno eƒe ʋu o la, agbe mavɔ la mate ŋu anɔ eme o. 54 Ke ame si ɖu nye ŋutilã eye wòno nye ʋu la, agbe mavɔ la le esi xoxo, eye eyae nye ame si mafɔ ɖe tsitre le Nuwuwuŋkekea dzi. 55 Elabena nye ŋutilãe nye nuɖuɖu vavã la eye nye ʋue nye nunono vavã la. 56 Ame sia ame si ɖua nye ŋutilã eye wònoa nye ʋu lae nye ame si le menye eye nye hã mele eme. 57 Nye la mele agbe, elabena Fofo gbagbe si dɔm ɖa la na ŋusẽm, eye nenema ke ame siwo ɖua nye ŋutilã la, anɔ agbe elabena mena agbe wo. 58 Nyee nye abolo vavã si tso dziƒo va, ame sia ame si aɖu abolo sia ƒe ɖe la anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me, eye maku abe ale si mia fofowo ku togbɔ be woɖu abolo si tso dziƒo la hã ene o.” 59 Yesu gblɔ nya siawo katã le esime wònɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum. Nya la nye gbɔgbɔ kple agbe 60 Eƒe nusrɔ̃lawo ŋutɔ gɔ̃ hã gblɔ bena, “Nyateƒe, Aƒetɔ ƒe nya siawo gɔmesese sesẽ ŋutɔ. Ame kae ate ŋu ase wo gɔme?” 61 Yesu kpɔe dze sii be yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋiliʋĩ lĩm, eya ta ebia wo bena, “Đe nye nyawo ɖia mia nua? 62 Ne ele alea ɖe, aleke miabu nenye be miekpɔ Amegbetɔ Vi la, wotrɔ yina dziƒo ake? 63 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la koe naa agbe mavɔ. Wɔna aɖeke mele ŋutilã ya ŋu o. Nya siwo megblɔ na mi la, nye Gbɔgbɔ kple Agbe. 64 Gake va se ɖe fifia la, mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke. 65 Yesu gblɔ mlɔeba be, “Nya si megblɔ va yi lae nye nu si mewɔnɛ esi megblɔ be ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo la ŋutɔe hee ɖe ŋunye.” 66 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, eƒe nusrɔ̃la geɖewo trɔ dzo le egbɔ hegblee ɖi. 67 Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃la wuieveawo ŋu eye wòbia wo bena, “Miawo hã miedi be yewoadzoa?” 68 Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Wò ko sie agbe mavɔ nya la le. 69 Míexɔe se eye mienyae bena wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔe la.” 70 Yesu trɔ gblɔ nɛ be, “Mi ame Wuievee metia, gake ame ɖeka le mia dome si nye abosam!” 71 Yesu gblɔ nya sia tso Yuda, Simɔn Iskariɔt vi, ame si nye ame Wuieveawo dometɔ ɖeka, eye wònye ame si atsɔe ade asi na eƒe futɔwo la ŋu.

Yohanes 7

1 Emegbe la, Yesu trɔ yi Galilea nutome, henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi bena yeaɖo Yudea ya kura o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui. 2 Azɔ Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui vevi aɖe ɖo edzi. Woyɔa ŋkeke sia be Agbadɔmeŋkekenyui. 3 Esi ŋkekea tu aƒe ta la, Yesu nɔviŋutsuwo va ƒoe ɖe enu be neyi Yudea ne wòaɖu ŋkekenyuia le afi ma. Nɔviawo gblɔ nɛ be, “Míedi be nãyi Yudea elabena amewo le afi ma fũu si ate ŋu akpɔ wò nukunuwɔwɔwo. 4 Ame si dina be yeazu ame ŋkuta la mewɔa nu le bebeme o. Eya ta esi nèle nu siawo wɔm la, ele be nãdo ɖe gaglãgbe ne xexeame nakpɔ wò.” 5 Nɔviawo gblɔ esia elebena woawo ŋutɔ gɔ̃ hã mexɔ edzi se o. 6 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Miawo la, mievo eye miekpɔ mɔ ayi teƒe sia eye nya aɖeke madzɔ o, ke nye la, ɣeyiɣi sia menye ɣeyiɣi nyuitɔ nam be mayi o. 7 Miawo la, xexeametɔwo melé fu mi o, ke nye la, wolé fum vevie elabena mehe nya ɖe wo ŋu ɖe woƒe nu vɔ̃ kple nu madzemadze wɔwɔ ta. 8 Mido ŋgɔ mianɔ yiyim faa. Ne ɣeyiɣi nyuitɔ ɖo nam ko la, nye hã madze mia yome.” 9 Ale Yesu tsi Galilea le ŋkeke mawo me. 10 Esi Yesu nɔviŋutsuwo dzo vɔ megbe la, eya hã yi ŋkekenyuia ɖuƒe. Ke eyi le bebeme be amewo nagakpɔ ye o. 11 Yudatɔwo ƒe amegãwo dii vevie le azã la ɖuƒe eye wonɔ eta biam se le amewo gbɔ. 12 Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le teƒea. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame deŋgɔ wɔnuku aɖe.” Ke ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔe wònye le amewo flum le yiyim.” 13 Ke dzideƒo menɔ ame siwo nɔ ekafum la si be woaƒo nu tso eŋu le dutoƒo o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be Yudatɔwo ƒe amegãwo ava he to na yewo. 14 Esi ŋkekenyui la ƒe afa nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me eye wòde asi nufiafia amewo me. 15 Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia wo nɔewo be, “Aleke wɔ ame sia nya nu siawo nyuie ale, togbɔ be mede miaƒe suku aɖeke kpɔ o?” 16 Yesu gblɔ na wo bena, “Nye la, nyemele nu siwo tso nye ŋutɔ nye susu me la fiam o, ke boŋ Mawu si ɖom ɖa la ƒe susuwo fiam mele. 17 Nenye be mia dometɔ aɖe ɖoe kplikpaa bena yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe adze sii xoxo nenye be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo. 18 Ne ame aɖe le nu ƒom tso nu si eya ŋutɔ susu ŋuti la, ekema ele kafukafu dim na eɖokui tso amewo gbɔ. Ke ame si le didim bena yeade bubu ame si ɖoe ɖa ŋuti la, ame mae nye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla. 19 Mia dometɔ aɖeke mewɔa Mose ƒe sewo dzi o, ke nu ka tae wòle be miatsɔ nya ɖe ŋunye bena meda le eƒe sewo dzi. Eye nu ka tae wòle be miawum ɖe esia ta?” 20 Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?” 21 Yesu gblɔ na wo bena, “Nukunu ɖeka pɛ ko mewɔ eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa. 22 Ke Mose de se na mi be miatso aʋa eye mietsoa aʋa na mia viwo le Sabat ŋkekea gɔ̃ hã dzi. Ke menye Mosee to aʋatsotso vɛ o, ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema. 23 Azɔ la nenye be woate ŋu atso aʋa na ɖevi le Sabat dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ŋuti miele dziku dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Sabat dzi? 24 Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzɔenyenye nu.” 25 Yerusalemtɔ aɖe siwo nɔ afi ma la gblɔ na wo nɔewo be, “Alo menye ame si dim dumegãwo le be yewoawu lae nye esia oa? 26 Ame lae nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Đe míaƒe dumegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Kristo la vavã? 27 Ame bubuwo hã nɔ gbɔgblɔm be ame sia mate ŋu anye Kristo la o, elabena míenya afi si wodzii le, evɔ nenye be Kristo ŋutɔ ava la, ɖeko wòado ko kpoyi, ame aɖeke manya afi si wòtso o.” 28 Yesu nya nu sia nu si gblɔm wonɔ eya ta esi wònɔ mawunya gblɔm le gbedoxɔ la me la, egblɔ bena, “Miawo la, mienyam eye mienya afi si wodzim le, ke magblɔ na mi bena, ame si mienya o lae dɔm ɖa, eye ame siae nye Nyateƒe la. 29 Nye la menyae elabena nye kplie li hafi wòdɔm ɖe mia gbɔ.” 30 Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu kaka ayi elé ge o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o. 31 Ame geɖe siwo nɔ gbedoxɔ la me la xɔ edzi se eye wogblɔ be, “Nukunu kawoe miele mɔ kpɔm be ne Kristo la va la awɔ, esi ame sia mewɔ o?” 32 Esi Farisitɔwo se nya siawo le amewo nu la, wo kple Osɔfogãwo dɔ gbedoxɔmesrafowo ɖa bena woayi aɖalé Yesu. 33 Gake Yesu gblɔ be, “Ele be maganɔ mia gbɔ vie hafi matrɔ agayi ame si dɔm ɖa gbɔ. 34 Miadim, ke miakpɔm o, eye miate ŋu ava afi si meyi hã o.” 35 Yesu ƒe nya siawo na be Yudatɔwo ƒe amegãwo tɔtɔ. Wobia wo nɔewo be, “Afi kae wòle ɖoɖo wɔm bena yeadzo ayi? Đewohĩ edi be yeayi aɖagblɔ mawunya na Yudatɔ siwo le anyigba vovovowo dzi alo be yeayi trɔ̃subɔlawo ƒe anyigba dzi aɖagblɔ mawunya na wo le afi ma.” 36 Wogabia hã be, “Nu ka tututue wòwɔnɛ be, ‘Miadim ke miakpɔm o, eye miate ŋu ava afi si mayi hã o.’” 37 Le agbadɔmeŋkekenyuia ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, Yesu do ɣli gblɔ na ameha la be, “Nenye be tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòava no tsi faa. 38 Elabena, mawunya gblɔ bena, “Ame si xɔ dzinye se la, tɔsisi si me agbetsi le la anɔ dzidzim tso eya ma me ke.” 39 Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o. Mama ɖo ameawo dome 40 Esi amehawo se nya si wògblɔ la, ɖewo gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye nyagblɔɖila si ava do ŋgɔ na Mesia la.” 41 Ame bubu aɖewo be, “Eyae nye Kristo la” . Ke ame bubu aɖewo le biabiam be, “Đe Kristo ate ŋu atso Galilea mahã? 42 Đe mawunya megblɔ be Kristo la atso David ƒe ƒome kple Betlehem, du si me David nɔ la me oa?” 43 Ale mama ɖo ameawo dome tso ame si tututu Yesu nye la ŋuti. 44 Ame aɖewo di vevie be yewoalée gake wo dometɔ aɖeke medo dzi ka asi eŋu o. 45 Asrafo siwo Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖo ɖa be woayi aɖalé Yesu la trɔ gbɔ va asi ƒuƒlu. Ameawo bia wo bena, “Nu ka tae mielé ŋutsua vɛ o.” 46 Ke asrafoawo ɖo eŋu na wo be, “Nya geɖe siwo ŋutsu sia gblɔ la sɔ to me na mi ŋutɔ. Le anukware me la míese nya deto sia tɔgbi kpɔ o.” 47 Faristitɔawo ɖu fewu le asrafoawo ŋu gblɔ be, “Ke ɖe ŋutsu sia flu miawo hã xoxoa? 48 Miekpɔ dumegã aɖe alo Farisitɔ aɖe wòxɔ ame sia dzi sea? 49 Ameha gã sia, si mele naneke nyam o la, koe xɔ edzi se, ke nu kae wonya tso nu sia ŋuti. Fiƒode ava ame siawo dzi kokoko!” 50 Ke Nikodemo si nye ameawo dometɔ ɖeka, ame si hã va Yesu gbɔ le zã me la tsi tre hebia etɔwo bena, 51 “Đe wòle se nu be woatso nya me hafi adrɔ̃ ʋɔnu ame aɖea?” 52 Woɖo eŋu nɛ be, “Wò hã Galileatɔe nènyea? Wò ŋutɔ dzro mawunya la me eye nãkpɔ ŋuɖoɖo na ɖokuiwò. Le nyateƒe me la, nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o!” 53 Ale takpekpea kaka eye ame sia ame dzo yi aƒe me.

Yohanes 8

1 Yesu trɔ dzo yi Amito la dzi. 2 Gake esi ŋu ke ko la, egatrɔ va gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo zi ɖe eŋu, eye wòbɔbɔ nɔ anyi hefia nu wo. 3 Esi wònɔ nu ƒom la, Yudatɔwo ƒe dumegãwo kple Faristitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé asiasii, wònɔ ahasi wɔm la vɛ eye wokplɔe da ɖe ameawo titina. 4 Azɔ wogblɔ na Yesu be, “Nufiala, míelé nyɔnu sia, asiasii wònɔ ahasi wɔm. 5 Mose ƒe Se gblɔ bena, ne wolé ame aɖe alea la, ele be woaƒu kpee. Aleke nèkpɔ tso nya sia ŋu?” 6 Ame siawo bia biabia sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke ɖeko Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nui ɖe anyigba. 7 Ameawo ganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo, eya ta efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be, “Enyo, miƒu kpe nyɔnu sia ne wòaku, gake ame si ŋu nu vɔ̃ aɖeke mele o la, netre kpea ƒuƒui.” 8 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ ko la, ebɔbɔ ta eye wògade asi nua ŋɔŋlɔ me ɖe anyigba. 9 Esi wose esia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnua kple ameha la koe susɔ. 10 Yesu fɔ ta dzi bia nyɔnua be, “Afi ka ame siwo tsɔ nya ɖe ŋuwò la le? Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ɔ hã meƒu kpe wò oa?” 11 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Meɖe kuku, ao.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi eye tso esia dzi la, mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o.” 12 Yesu gaƒo nu na ameawo eye wògblɔ be, “Nyee nye xexeame ƒe Kekeli la. Eya ta ne ame aɖe dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.” 13 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, ɖokuiwò ko dom nèle ɖe dzi. Wò ɖaseɖiɖiwo nye alakpa sɔŋ ko.” 14 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Togbɔ be mele ɖase ɖim le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe. Elabena nye la menya afi si metso kple afi si meyina, ke miawo la mienya afi si metso alo afi si meyina o. 15 Miawo la miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nugɔmesese nu. Nye la nyemele ʋɔnu drɔ̃m ame aɖeke o, 16 gake ne medrɔ̃ ʋɔnu la, anye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe le go sia go me, elabena nye kple Fofonye si dɔm ɖa lae le edrɔ̃ ge. 17 Miaƒe see gblɔ be, ne ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nya aɖe ŋu sɔ ko la, woaxɔe be nyateƒe. 18 Nenema ke nye kple Fofonye hã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka, eya ta nye nyawo nye nyateƒe.” 19 Ameawo biae be, “Afi kae Fofowòa le?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la mienya ame si menye o, eya ta mienya ame si nye Fofonye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.” 20 Togbɔ be Yesu gblɔ nya siawo le gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe hã la, ame aɖeke mete kpɔ be yealée o elabena eƒe ɣeyiɣi la meɖo haɖe o. 21 Yesu gagblɔ na wo hã be, “Nye la mele dzodzo ge, miadim gake miakpɔm o, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o.” 22 Yudatɔwo bia be, “Ame sia ɖe, ɖe wòle susu wɔm be yeawu ye ɖokuia? Nu ka tututue wòwɔnɛ esi wògblɔ be, ‘Miawo la miate ŋu ava afi si nye la meyina o.’?” 23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, anyigba sia dzie mietso, ke nye la dziƒoe metso. Miawo la, xexe sia me tɔwoe mienye, ke nye la, nyemetso xexe sia me o. 24 Esia tae megblɔ na mi be, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Le nyateƒe me, ne miexɔ dzinye se be nyee nye ame si le vava ge o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.” 25 Ameawo gabia be, “Gblɔ ame si tututu nènye la na mi.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la tso gɔmedzedzea me ke. 26 Nye la nu geɖewo li mate ŋu agblɔ tso mia ŋuti eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta gake nyemawɔ esia o, elabena ame si dɔm ɖa la, eyae nye nyateƒetɔ la, eye nu siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexeame.” 27 Ke va se ɖe fifi hã la, ameawo mese nu si gblɔm wònɔ na wo le Fofo la ŋuti gɔme kpɔ o. 28 Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Le nye ku kple tsitretsitsi vɔ megbe hafi miakpɔe adze sii be, nyee nye Mesia la, eye nya siwo katã menɔ gbɔgblɔm na mi la, menye nye ŋutɔ nye nya kpakpawo o, ke boŋ wonye nya siwo Fofo la fiam be magblɔ. 29 Eya ame si dɔm ɖa la li kplim ɖaa, medzo le gbɔnye o, elabena mewɔa eƒe didi ko dzi ɖaa.” 30 Esi wònɔ nu ƒom la, ame geɖewo xɔ edzi se. 31 Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la bena, “Ne mielé nye nufiafiawo me ɖe asi la, ekema mianye nye nusrɔ̃la vavãwo. 32 Miadze si nyateƒe la hã, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe.” 33 Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ le anyigba sia dzi o. Eya ta nu kae nèwɔnɛ esi nègblɔ bena, ‘Míazu ablɔɖeviwo’?” 34 Yesu gagblɔ na wo be, “Mele gbe tem ɖe edzi na mi be, ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la nye nu vɔ̃ ƒe kluvi. 35 Kluviwo la, gomekpɔkpɔ aɖeke meli na wo o, gake gomekpɔkpɔ li na aƒea tɔ ƒe vi la ya. 36 Eya ta nenye be Vi la na miekpɔ ablɔɖe la, ekema miezu ablɔɖeviwo vavã. 37 Menyae bena Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye, gake mi ame aɖewo miedi be yewoawum elabena nye nyawo mesɔ to me na mi o. 38 Nu siwo gblɔm mele na mi lae nye esiwo teƒe mekpɔ esi menɔ Fofonye gbɔ. Gake miawo la, miele mia fofo ƒe gbedzi wɔm.” 39 Ameawo gaɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbeɖe! Abraham menye mia fofo o, ne mia fofoe wònye la, anye ne miadze kpɔɖeŋu nyui si wògblẽ ɖi na mi la yome. 40 Ke miawo la miele agbagba dzem be yewoawum elabena mele nyateƒe si tso Mawu gbɔ la gblɔm na mi. Abraham mewɔ nu siawo ƒomevi aɖeke o. 41 Le nyateƒe me ne miewɔ alea la, mia fofo ƒe afɔtoƒe tututu ko tom miele.” Woɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, menye ahasie mía dzilawo wɔ hafi dzi mí o. Fofo ɖeka koe li na mí le nyateƒe la me eye eyae nye Mawu ŋutɔ.” 42 Yesu gblɔ na wo be, “Đe miaƒe nya sia le eme la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso hafi va mia gbɔ. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawue ɖom ɖa. 43 Nu ka tae miate ŋu ase nya si gblɔm mele na mi la gɔme o? Miesea nu gɔme o, elabena wogbe na mi be miagaɖo tom o. 44 Miawo la, satana ƒe viwoe mienye eya tae mielɔ̃a nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la wɔwɔ. Amewulae wònye tso gɔmedzedzea me ke eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe kui ɖeka pɛ hã mele eme o. Alakpadada hã la, meʋaa dzi nɛ o, elabena eyae nye alakpatɔwo fofo. 45 Eya ta ne mele nyateƒe la gblɔm na mi hã la, ɖeko wòɖia alakpa le miaƒe towo me ale miexɔa edzi sena o. 46 ”Mia dometɔ kae le afi sia si ate ŋu atɔ asi nu vɔ̃ ɖeka pɛ si mewɔ kpɔ la dzi? Ame aɖeke o. Ke nu ka tae ne mele nyateƒea gblɔm na mi la miexɔnɛ sena o. 47 Ame si Fofoe nye Mawu la, ɖoa to eƒe nyawo dzidzɔtɔe. Gake esi miawo mielɔ̃a toɖoɖo Mawu ƒe nyawo o ta la, efia be mienye viawo o.” 48 Yudatɔwo ƒe dumegãwo gblɔ na Yesu dzikutɔe be, “Đe menye nyateƒe wònye miegblɔ be, Samariatɔ si me gbɔgbɔ vɔ̃ le lae nènye oa?” 49 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbeɖe! Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mele menye o. Elabena nye la medea bubu Fofonye ŋu, ke miawo la miele vlo domem. 50 Togbɔ be menye nye didi be makɔ ɖokuinye ɖe dzi o hã la, Mawu ŋutɔ dom ɖe dzi xoxo eye wòle ʋɔnu drɔ̃ ge ame siwo katã gbe nu le gbɔnye. 51 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame sia ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.” 52 Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le mewò vavã, elabena Abraham kura kple nyagblɔɖila gã siwo nɔ anyi kpɔ la ku, ke wò la, èle gbɔgblɔm na mi fifia be, ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o. 53 Đe nèle gbɔgblɔm be yede ŋgɔ wu mía fofo Abraham si kua? Eye ɖe nèle gbɔgblɔm hã be yede ŋgɔ wu nyagblɔɖila siwo ku va yia? Ame ka koŋ nèbuna be yenye?” 54 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o, ke Fofonye, si miawo hã miebe enye yewoƒe Mawu lae le kafuyem. 55 Nye la menya Fofo la, ke miawo la mienyae o. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Enye nyateƒe be menyae eye meɖoa toe le nuwo katã me. 56 Esi mia fofo Abraham nya be megbɔna la dzi dzɔe eye eƒe dzidzɔ de blibo esi wòkpɔ ŋkekea.” 57 Yudatɔwo gabiae be, “Wò ame si mexɔ ƒe blaatɔ̃ ŋutɔ gɔ̃ hã haɖe o lae le gbɔgblɔm be yekpɔ Abraham mahã?” 58 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe matrɔmatrɔ lae nye be, nye la meli xoxoxo hafi Abraham va dzɔ ɖe xexeame nyitsɔ gɔ̃ hã.” 59 Esi wògblɔ esia vɔ ko la, Yudatɔwo ƒe dumegãwo fɔ kpe be yewoaƒui. Gake Yesu ɣla eɖokui eye wòdo go le gbedoxɔ la me.

Yohanes 9

1 Esi Yesu nɔ tsa ɖim la, ekpɔ ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ tso dzidzime ke. 2 Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, “Nufiala, nu ka tae wodzi ame sia ŋkuagbãtɔe? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu vɔ̃woea?” 3 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye wo dometɔ aɖeke ƒe nu vɔ̃e na be ame sia ƒe ŋku gbã o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia. 4 Ele nam be mawɔ dɔ siwo ame si dɔm ɖa la nam kaba, elabena esusɔ vie ko zã nado eye ame aɖeke magate ŋu awɔ dɔ o. 5 Gake zi ale si mele xexeame la, nyee nye xexeame ƒe Kekeli la.” 6 Le esia megbe la, Yesu ɖe ta ɖe anyigba eye wòwɔ ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi. 7 Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nãle tsi le Siloam Ta la me.” Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa.” Ŋkuagbãtɔ la tso kpla eye wòdze mɔ yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu nyuie wònɔ nu kpɔm. 8 Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubialae wònye la, bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?” 9 Ame aɖewo be eyae eye ɖewo hã be menye eyae o, ɖeko wòɖii. Ke ŋutsua ŋutɔ gblɔ be, “Nye tututue.” 10 Ameawo biae be, “Ke aleke wɔ hafi wò ŋkuawo ʋu?” 11 Ŋutsua gblɔ na wo be, “Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be mayi ɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu eye mede asi nukpɔkpɔ me.” 12 Ameawo gabiae be, “Afi ka amea le?” Eɖo eŋu na wo be, “Nyemenya o.” 13 Ale ameawo kplɔ ŋutsua yi ɖe Farisitɔwo gbɔe. 14 Nya siawo katã dzɔ le Sabat ŋkeke la dzi. 15 Farisitɔ siwo gbɔ wokplɔ ŋutsua vɛ la biae be wòagblɔ nu si va eme la na yewo. Ale wògblɔ ale si Yesu tsɔ ba sisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye esi wòyi ɖale tsi ko la, eƒe ŋkuwo ʋu eye wòde asi nukpɔkpɔ me la na wo. 16 Farisitɔawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nenye be Yesu sia do dzi da gbe le ame ŋu le Sabat ŋkeke dzi la, ekema menye Mawue dɔe ɖa o.” 17 Faristɔawo gatrɔ ɖe ame si woʋu ŋku na la gbɔ hebiae be, “Wò ŋutɔ ɖe alekee nye wò susu le ame si ʋu ŋku na wò la ŋu,? Ame ka ƒomevi nèbu be enye?” Ŋutsua ɖo eŋu na wo bena, “Le nye nukpɔkpɔ nu la, enye nyagblɔɖila aɖe si Mawu dɔ ɖo ɖa.” 18 Yudatɔwo ƒe dumegãwo gbe be yewomaxɔe ase be ŋutsua nye ŋkuagbãtɔ tsã o, va se ɖe esime woyɔ edzilawo vɛ, eye 19 wobia wo be, “Mia vie nye ame sia? Ŋkuagbãtɔe wònye hafi miedzia? Nenye be ele eme nenema ɖe ale ke wɔ wòle nu kpɔm fifia?” 20 Edzilawo ɖo eŋu be, “Vavã mia vie nye ɖekakpuia, eye ele eme hã be ŋkuagbãtɔe míedzii, 21 gake míenya nu si va dzɔ hafi eƒe ŋkuwo ʋu o, eye míenya ame si wɔe be eƒe ŋkuwo ʋu hã o. Mía via ŋutɔ hã tsi, aƒo nu aɖe eɖokui nu eya ta taflatse, mibia gbee!” 22 Ŋutsua dzilawo gblɔ esiawo le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta, elabena Yudatɔwo ɖoe da ɖi xoxoxo be ame si agblɔ be eyae nye Kristo la, woaɖe nenem me ma le yewoƒe hame. 23 Le esia ta dzilawo gblɔ be, “Etsi, mibia eya ŋutɔ.” 24 Ale Farisitɔawo gayɔ ŋutsu si ƒe ŋkuwo gbã kpɔ la zi evelia eye wogblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, Mawue wòle be nãkafu, ke menye Yesu o, elabena Yesu la míenya be ame vɔ̃ɖie wònye.” 25 Ŋutsua ɖo eŋu na wo be, “Yesu ɖanye ame vɔ̃ɖi o, eɖanye ame nyui o, nyemenya o. Nu ɖeka si ko menyae nye be, tsã la, menye ŋkuagbãtɔ, ke azɔ la, mele nu kpɔm!” 26 Ameawo gabiae ake be, “Nu kae wòwɔ? Aleke tututue wòwɔ hafi da gbe le ŋuwò?” 27 Ŋutsua do ɣli gblɔ na wo be, “Kpɔ ɖa, megblɔ nya sia na mi zi ɖeka xoxo. Alo miesee oa? Nu ka ta miedi be magagblɔ nu si dzɔ la na mi ake? Alo miawo hã ɖe miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?” 28 Nya siawo na be Farisitɔawo dzu ŋutsua eye wogblɔ nɛ be, “Wò la, eƒe nusrɔ̃lae nènye, ke miawo la, Mose ƒe nusrɔ̃lawoe mĩenye. 29 Mĩenyae bena Mawu ƒo nu na Mose, ke ame sia la, mienya naneke tso eŋu o.” 30 Ŋutsua gate kpɔ ɖo nya sia hã ŋu na wo bena, “Ewɔ nuku ŋutɔ be miegblɔ be yewomenya afi si ame sia tso o, evɔ wòte ŋu ʋu nye ŋkuwo. 31 Le nyateƒe me la, Mawu meɖoa to ame vɔ̃ɖiwo o, ke boŋ ame siwo subɔnɛ eye wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu. 32 Tso xexeame ƒe gɔmedzedzea, ke la womese kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe kpɔ o, 33 ne menye Mawu gbɔe ame sia tso o la, mate ŋu awɔ nenem nu sia o.” 34 Ameawo do ɣli ɖe ŋutsua ta gblɔ be, “Wò si wodzi ɖe nu vɔ̃ mee be yeafia nu mía?” Ale wonyae do goe. 35 Yesu se be wonya ŋutsu sia eya ta edii va ke ɖe eŋu eye wòbiae be, “Èxɔ Amegbetɔ Vi la dzi sea?” 36 Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame kae? Gblɔe nam elabena medi be madze sii.” 37 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si nèkpɔ va yi eye wògale nu ƒom na wò fifia lae.” 38 Ŋutsua do ɣli be, “Nye Aƒetɔ, mexɔe se!” Ale wòdze klo hesubɔ Yesu. 39 Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la ɖe meva xexeame bena maʋu ŋku na ame siwo ƒe gbɔgbɔmeŋkuwo gbã eye mafia ame siwo bu be yewole nu kpɔm la be woƒe ŋkuwo gbã.” 40 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae be, “Đe nèle gbɔgblɔm be míaƒe ŋkuwo gbã?” 41 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne ɖe mielɔ̃ be yewonye ŋkuagbãtɔwo la, anye ne fɔɖiɖi aɖeke manɔ mia ŋu o. Gake esi miebe yewole nu kpɔm ko la, miaƒe nu vɔ̃wo azu agba ɖe mia dzi.”

Yohanes 10

1 “Nyateƒe wònye mele gbɔgblɔm na mi be ame si megena ɖe alẽkpoa me to agboa nu o, ke boŋ wòyina ɖaliana to afi bubu hafi gena ɖe eme la, eyae nye fiafitɔ kple adzodala. 2 Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla. 3 Agbonudzɔla ʋua agbo la na eyamea eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe. 4 Edzea ŋgɔ na alẽawo eye wokplɔnɛ ɖo elabena wodea dzesi eƒe gbe. 5 Womadze ame tutɔ yome o, ke boŋ woasi le egbɔ elabena womede dzesi eƒe gbe o.” 6 Yesu do lo sia na wo gake womese nu si gblɔm wòle na wo la gɔme o. 7 Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, Nyee nye Agbo na alẽawo. 8 Eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawoe wonye. 9 Esi wònye be Nyee nye Agboa ta la, ame siwo katã to Agboa nu la akpɔ ɖeɖe. Woado go ayi aɖaɖu gbe damawo eye woagagbɔ va to Agbo la nu age ɖe alẽkpoa me. 10 Fiafitɔ la ƒe taɖodzinue nye be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye ya ɖe meva be mana agbe si de blibo amewo. 11 ”Nyee nye Alẽkplɔla Nyui la, elabena, metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. 12 Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la meléa be na wo o. Ne ekpɔ amegâxi wògbɔna la, esina elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegãxi la dzea alẽawo dzi hevuvua ɖewo, eye mamlɛawo kakana gbee. 13 Apadɔwɔla la sina elabena ɖeko wodɔe be wòakpɔ alẽawo dzi, ke eƒe dzi meku ɖe wo ŋu o. 14 ”Nyee nye Alẽkplɔla Nyui la. Menya nye alẽwo eye nye alẽwo hã nyam, 15 abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema kee nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. 16 Alẽha bubuwo hã le asinye siwo wòle be makplɔ va gbɔnyee bena woase nye gbe, eye wo katã woanye alẽha ɖeka anɔ Kplɔla ɖeka te. 17 ”Fofo la lɔ̃m ŋutɔ elabena metsɔ nye agbe na ɖe amewo ta bena magaxɔe emegbe. Ame aɖeke mate ŋu aɖem ɖa ne nyemena mɔ o. 18 Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe na elabena ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe ana eye ŋusẽ le asinye be magaxɔe. Mɔnukpɔkpɔ siae Fofo la tsɔ nam.” 19 Yesu ƒe nya siawo gahe mama de Yudatɔwo ƒe dumegãwo dome elabena ame aɖewo xɔ eƒe nyawo dzi se eye ɖewo hã mexɔe se o. 20 Ame siwo mexɔe se o la gblɔ be, “Ame sia la, gbɔgbɔ vɔ̃e le fu ɖem nɛ, ne menye nenema o la, ekema ele tsu kum eya ta migaɖo toe o.” 21 Ame bubuwo hã gblɔ be, “Ame sia ƒe nuƒo kple nuwɔnawo medze abe ame si gbɔgbɔ vɔ̃ le fu ɖem na la ene o. Đe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ame siwo ƒe ŋku gbã?” 22 Tete gbedoxɔ Ŋutikɔkɔŋkekenyui ɖo le Yerusalem. Enye vuvɔŋɔlĩ, 23 eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Salomo ƒe Akpata la me. 24 Yudatɔwo ƒo xlãe eye wogblɔ nɛ be, “Ɣekayie nãna miatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi” 25 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye. 26 Gake miele exɔm se o elabena miele nye alẽhawo dome o. 27 Nye la, menya nye alẽwo eye woawo hã dze si nye gbe, eye wodzea yonyeme. 28 Mena agbe mavɔ nye alẽawo ale be womatsrɔ̃ akpɔ o. Ame aɖeke hã mate ŋu axɔ wo le asinye akpasesẽtɔe o, 29 elabena Fofonyee tsɔ wo nam eye Fofonyea sẽ wu ame sia ame. Ale ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le esi sesẽtɔe o. 30 Mí kple Fofonye la ame ɖekae míenye.” 31 Esi Yesu gblɔ alea la, Yudatɔwo ƒe dumegãwo tsɔ kpe be yewoaƒui. 32 Gake Yesu gblɔ na wo be, “Mawu ŋutɔ ɖo nukunu siawo katã ɖi be mawɔ ne amewo nakpɔ ɖeɖe. Ke dɔ nyui siawo dometɔ ka tae miedi be yewoawum ɖo?” 33 Woɖo eŋu nɛ be, “Menye dɔ nyui siwo nèwɔ tae miedi be miawu wò o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Aleke wò amegbetɔ nãtsɔ ɖokuiwò awɔ Mawui?” 34 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Đe womeŋlɔe ɖe miaƒe se la me be, ‘Megblɔe be mawuwo mienye’ oa? 35 Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya va na, eye womate ŋu da mawunya dzi o, 36 eye aleke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexeame ŋu? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya elabena megblɔ be ‘Nyee nye Mawu Vi’? 37 Ne menye Mawu gbɔe nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o. 38 Ne mele nukunuwo wɔm eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunuawo ya dzi se ale be to esia me la, miadze sii be Fofo la le menye eye nye hã mele eme.” 39 Ameawo di be yewoagalée gake edo go eye wòdzo le wo gbɔ. 40 Etso Yɔdan tɔsisi la yi egodo eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ tsi dem ta na amewo le tsã la. 41 Ame geɖewo dze eyome va afi sia hã. Ameawo gblɔ na wo nɔewo be, “Yohanes mewɔ nukunuwo o gake nya siwo katã wògblɔ ɖi tso ŋutsu sia ŋu la va eme pɛpɛpɛ.” 42 Yesu ƒe nuwɔnawo ɖo kpe edzi na ameawo be, eyae nye Mesia la vavã eye woxɔ edzi se.

Yohanes 11

1 Azɔ eva me be ŋutsu aɖe si woyɔna be Lazaro la dze dɔ, ame sia tso Betania, Maria kple Marta ƒe du me. 2 Maria si nɔvi, Lazaro, le dɔ lém lae nye Maria si kɔ ami ʋeʋi ɖe Yesu ƒe afɔwo ta eye wòtutui kple eƒe taɖa. 3 Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖa Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.” 4 Esi Yesu se gbedeasi sia la, egblɔ be, “Dɔléle sia menye kudɔe o, ke boŋ to eme la woakafu Mawu eye woakɔ Mawu Vi la ŋuti.” 5 Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvianyɔnu Maria kpakple Lazaro. 6 Gake esi wòse be Lazaro le dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi dze mɔ. 7 Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Mina mígayi Yudea.” 8 Nusrɔ̃lawo melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o. Wogblɔ nɛ bena, “Nufiala, nyitsɔ laa koe Yudatɔwo di be yewoawu wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma?” 9 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke ɖeka me eye le ɣeyiɣi siawo me, la ame ate ŋu azɔ nu maklimaklii elabena kekeli li be wòakpɔ nu. 10 Ke ne ame aɖe zɔ le zã me la, akli nu elabena viviti do.” 11 Yesu yi edzi be, “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm eya ta meyina be maɖanyɔe.” 12 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme le sesẽ ge.” 13 Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle. 14 Yesu ʋu eme na nusrɔ̃lawo be, “Lazaro ku. 15 Eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o. Elabena to esia me la, mana mɔnukpɔkpɔ mi ake be miaxɔ dzinye ase. Mitso kpla ne míayi egbɔ.” 16 Toma, si wogayɔna hã be,“Venɔvi” la gblɔ na nɔvia nusrɔ̃la mamlɛawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.” 17 Esi wova ɖo Betania la, wogblɔ na wo bena Lazaro ku eye woɖii ŋkeke ene sɔŋ va yi xoxo. 18 Betania anɔ abe kilometa eve kple afã ene tso Yerusalem gbɔ, 19 eya ta Yudatɔ geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria. 20 Esi Marta see bena Yesu gbɔna la, etso kpla do go yi ɖakpee le mɔa dzi. Ke Maria ya meyi o. 21 Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinyea meku o. 22 Ke menyae be nu sia nu si nèbia Mawu la ana wò.” 23 Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔviwò la atsi tre.” 24 Marta lɔ̃ ɖe edzi eye wògblɔ be, “Ẽ, menya be nɔvinyea atsi tre le nuwuwuŋkekea dzi.” 25 Yesu gagblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame sia ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku abe ame bubuwo ene hã la, aganɔ agbe. 26 Mana agbe mavɔ si nu meyina o la ame siawo ale be womatsrɔ̃ akpɔ gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea, Marta?” 27 Marta ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, mexɔe se be wòe nye Mesia, Mawu Vi la, ame si míekpɔ mɔ na ʋuu.” 28 Azɔ Marta trɔ dzo va aƒe me le nɔvia Maria gbɔ eye wòyɔe dzaa le konyifalawo dome gblɔ nɛ be, “Nufiala la va ɖo eye wòdi be yeakpɔ wò.” 29 Maria tso enumake yi Yesu gbɔ. 30 Yesu nɔ lalam le kɔƒea godo afi si Marta va kpee le. 31 Esi Yudatɔ siwo va be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo toe woyina be yeaɖafa avi eya ta wokplɔe ɖo. 32 Ke Maria zɔ va tu Yesu eye wòdze klo ɖe eƒe afɔnu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèva kaba la, anye ne nɔvinyea meku o.” 33 Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam nublanuitɔe eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la, eƒe dzi ʋuʋu eye eƒe ta me ɖe fu. 34 Ebia be, “Afi kae woɖii ɖo?” Woɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔ yɔdoa ɖa!” 35 Enumake Yesu hã fa avi. 36 Le esia ta la, Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa?” 37 Ke wo dometɔ aɖewo gblɔ bena, “Ame sia si te ŋu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ, nu ka ŋuti mewɔe be ame sia megaku o ma?” 38 Yesu gaʋuʋu le eɖokui me eye wòyi yɔ do la gbɔ. Yɔdoa nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee. 39 Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpea ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ na Yesu be, “O Aƒetɔ, amea ku ŋkeke ene sɔŋue nye esi eya ta aʋẽ akpa.” 40 Yesu trɔ biae be, “Nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔ dzinye se la, Mawu awɔ nukunu gã aɖe nãkpɔ oa?” 41 Womli kpe la da ɖe adzɔge. Azɔ Yesu wu mo dzi eye wògblɔ bena, “Fofo, meda akpe na wò be èɖoa tom. 42 Èɖoa tom ɣesiaɣi gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, bena woaxɔe ase be wòe dɔm ɖa.” 43 Le esia megbe la edo ɣli be, “Lazaro lee, do go va!” 44 Enumake Lazaro fɔ tso ku me, do kple ameɖivɔ si me woblae ɖo. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mitu avɔawo le eŋu ne wòadzo.”" 45 Yudatɔ siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa eye wokpɔ nukunu sia teƒe la xɔ Yesu dzi se mlɔeba. 46 Ke wo dometɔ bubu aɖewo hã tso yi Farisitɔwo gbɔ eye wogblɔ nya siwo katã va dzɔ la na wo. 47 Esi Osɔfogãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ takpekpe enumake be yewoadzro nya la me. Wobia wo nɔewo be," “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? 48 Enye nyateƒe be ŋutsu sia wɔa nukunuwo. Ne míena mɔe alea la, dukɔ la katã adze eyome. Ne esia va eme la, Romaʋakɔ la ava dze mia dzi, awu mi eye woaxɔ dziɖuɖua le mi Yudatɔwo si.” 49 Wo dometɔ ɖeka si nye Kayafa, ame si nye Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me la tsi tre gblɔ be. 50 “Miekpɔe dze sii be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔa katã natsrɔ̃ oa?” 51 Abe Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me ene la, egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta, ke megblɔ esia le eya ŋutɔ ɖokui si o. 52 Menye ɖe Israel dukɔa ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe Mawu vi siwo kaka ɖe xexeame katã la be woaƒo wo katã nu ƒu ɖekae. 53 Le esia ta tso ema dzi la Yudatɔwo ƒe dumegãwo de asi ɖoɖowɔwɔ me ɖe Yesu wuwu ŋu. 54 Azɔ Yesu dzudzɔ nufiafia le dutoƒo eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Yerusalem yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efrayim la me. 55 Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la tu aƒe eya ta dutatɔwo katã va Yerusalem ŋkeke geɖewo do ŋgɔ be yewoawɔ ŋutikɔklɔkɔnu la hafi azã la naɖo. 56 Wo dometɔ geɖe ŋutɔ di be yewoakpɔ Yesu eya ta wobia wo nɔewo edziedzi be, “Alekee, miebu be ele azã la ɖuƒe va gea?” 57 Le ɣeyiɣi sia me la, Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖe gbeƒã le dutoƒo be ame sia ame si kpɔ Yesu la nena yewoanya ne yewoalée enumake.

Yohanes 12

1 Esusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋke-kenyui la. Yesu va ɖo Betania si nye Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me. 2 Woɖo kplɔ̃ gã aɖe na Yesu le afi sia eye Marta subɔ Yesu le kplɔ̃a ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu. 3 Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe vɛ eye wòsii na Yesu ƒe afɔwo eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu afɔawoe. Amia ƒe ʋeʋẽ lililĩ la xɔ aƒe blibo la me. 4 Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si va fia Yesu yomemɔ emegbe la, kpɔ nu sia la, egblɔ bena, 5 “Nu ka ta wòle be woagblẽ amiʋeʋĩ xɔasi sia? Đe wòle be woadzrae atsɔ ga la ana ame dahewo.” 6 Menye ɖe Yuda Iskariɔt le ame dahewo nu vem tae wògblɔ esia o, ke boŋ be enye fiafitɔ eye eya kee kpɔa nusrɔ̃lawo ƒe ga dzi tae. 7 Tete Yesu gblɔ be “Miɖe asi le eŋu, elabena ewɔ esia dzra ɖo ɖi na nye ɖigbe. 8 Ame dahewo le mia dome ɖaa, gake nyemanɔ mia dome ɖaa o.” 9 Esi Yerusalemtɔwo se be Yesu va ɖo wo dome la, woʋli vevie bena yewoakpɔe, eye yewoakpɔ Lazaro, ame si gagbɔ agbe tso ku me hã. 10 Eya ta Osɔfogãwo wɔ ɖoɖo be yewoawu Lazaro hã, 11 elabena eya tae Yudatɔ geɖewo dzo le woƒe kplɔlawo gbɔ yi Yesu gbɔ eye woxɔ edzi se. 12 Le ŋufɔke la, eɖi le Yerusalem dua katã me be Yesu le mɔ dzi gbɔna. Ame geɖewo siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee. 13 Woŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖe asi eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be, “Hosana! Woayra Israel ƒe Fia la! Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” 14 Yesu nɔ tedzivi aɖe dzi eye esia fia be nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖi be, 15 “Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnu. Wò Fia do tedzivi gbɔna le ɖokuibɔbɔ me!” la va eme tututu. 16 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo menya bena Yesu wu nyagblɔɖi sia nu le ɣemaɣi o, gake esi wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me la, eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ dze sii bena, nyagblɔɖi geɖe siwo woŋlɔ ɖe mawunya me la va eme wokpɔ. 17 Ame siwo nɔ eteƒe hafi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la gblɔ ale si nua katã va emee la na ame bubuwo. 18 Le nukunu si wòwɔ wose ta la, amewo ƒo zi be yewoaɖakpɔe. 19 Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, míedɔ̃, xexeame katãe nye ma kplɔe ɖo hoo!” 20 Griktɔ alo Helatɔ aɖewo hã nɔ ame siwo va Yerusalem dua me be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekea la dome. 21 Ame siawo va Filipo si tso Betsaida gbɔ eye wogblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, mieɖe kuku miedi be miakpɔ Yesu.” 22 Filipo hã yi ɖagblɔe na Andrea ale eya kple Andrea woyi Yesu gbɔ yi ɖagblɔ ameawo ƒe didi nɛ. 23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gaƒoƒo la de woakɔ Amegbetɔvi la ŋu. 24 Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be, ne bliku la mege ɖe anyigba eye wòku o la, ekema eya ɖeka tsi anyi, gake ne eku la, etsea ku geɖe. 25 Nenye be ame aɖe tsi dzi ɖe eƒe agbe ŋu le xexe sia me la, abui, ke ame si tsɔ eƒe agbe na le tanye la, adzrae ɖo ɖi na agbe mavɔ la. 26 ”Nenye be ame aɖe di be yeazu nye nusrɔ̃la la, nedze yonyeme, elabena ele na nye subɔla ɖe sia ɖe be wòanɔ afi si mele. Eye ne edze yonyeme la, Fofo la ŋutɔ ade bubu eŋu. Ele be woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi 27 Nye gbɔgbɔ le nu xam vevie ŋutɔ. Đe mado gbe ɖa be, Fofo, ɖem tso fukpekpe siwo le ŋgɔnye la mea? Gbeɖe, mele be magblɔ nenema o, elabena esia tae meva xexeame ɖo. 28 Fofo, de ŋutikɔkɔe kple bubu wò ŋkɔ la ŋu.” Esi Yesu wu nya siawo nu ko la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Mewɔ esia xoxo eye magawɔe ake.” 29 Esi ameha la se gbe sia la, wo dometɔ aɖewo bu be dzie ɖe gbe, eye bubuwo hã gblɔ be mawudɔla aɖee ƒo nu nɛ. 30 Yesu gblɔ na wo bena, “Miawo tae gbe sia ɖi ɖo, menye nye tae o. 31 Xexeame ƒe Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi vɔ eye gaƒoƒoa hã su be woanya satana, si nye xexeame dziɖula la ɖa. 32 Eye ne woklãm ɖe atitsoga ŋu vɔ megbe la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.” 33 Yesu gblɔ nya sia bena yeatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge yele. 34 Ameha la biae be; “Đe nèbe yele kuku gea? Míesee be ne Mesia la va la, anɔ agbe tegbee. Nu ka tae nèbe woaklã Mesia la ɖe atitsoga ŋu? Mesia ka gblɔm nèle?” 35 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye Kekeli agaklẽ na mi hena ɣeyiɣi sue aɖe ko. Mizɔ le Kekeli la me esi mɔnukpɔkpɔ gale mia si be viviti nagado ɖe mi o, elabena ame si le zɔzɔm le viviti me la, menya afi si yim wòle o. 36 Mixɔ Kekeli la dzi se zi ale si wole mia gbɔ be miazu kekeli ƒe viwo.”" Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edo go le ameawo dome yi ɖaɣla eɖokui. 37 Togbɔ be Yesu wɔ nukunu geɖe hã la, ame geɖewo mexɔ edzi se be eyae nye Mesia la o. 38 Nu sia tututu ŋutie nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tsoe be," “Aƒetɔ, ame kae axɔ mia dzi ase? Ame kae axɔ Mawu ƒe nukunu gã siwo wòwɔ la dzi ase?” 39 Yesaya gagblɔ bena, 40 “Mawu na bena ame siawo ƒe gbɔgbɔmeŋkuwo gbã eye wòna bena woƒe dziwo ku atri, bena womagase nu, akpɔ nu alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ be wòada gbe le wo ŋu o.” 41 Yesaya ƒe nya siawo katã ku ɖe Yesu ŋu elabena Yesaya kpɔ ŋutega aɖe si me woɖe Mesia la ƒe ŋutikɔkɔe fiae le. 42 Togbɔ be Yudatɔwo ƒe dumegã geɖewo xɔe se be Yesue nye Mesia la hã la, wonɔ vɔvɔ̃m na Farisitɔwo elabena ne wogblɔ le dutoƒo be Yesue nye Mesia la la, woaɖe wo le hame. Esia tae wogbe be yewomaʋu Yesu me o, 43 elabena wolɔ̃ amegbetɔ ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu. Yesu ƒe nyawoe woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu amewo 44 Yesu do ɣli gblɔ na ameha la be, “Ne miexɔ dzinye se la, ekema Mawu dzie ma miexɔ se. 45 Elabena ne miekpɔm la, ekema ame si dɔm ɖa lae ma miekpɔ. 46 Nye la Kekelie menye va xexeame, ame siwo katã xɔ dzinye se la, magazɔ viviti me o. 47 Ne ame aɖe se nye nyawo ke mewɔ ɖe wo dzi o la; nyemadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena menye ʋɔnu drɔ̃ gee meva o ke boŋ ɖe meva be maɖe xexeame tso tsɔtsrɔ̃ me. 48 Gake ame siwo mexɔm o, eye womewɔ ɖe nye nyawo dzi o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le nuwuwuŋkekea dzi eye nya siwo gblɔm mele fifia lae woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu woe. 49 Elabena nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawo o, ke boŋ wonye gbedeasi si mexɔ tso Fofo la gbɔ na mi. 50 Menyae kɔtee be eƒe nyawo katã akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee, eya ta megblɔa nya sia nya si wògblɔ nam be magblɔ na mi la na mi.”

Yohanes 13

1 Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo eye Yesu nya be ɣeyiɣia de be yeadzo le xexeame atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexeame ŋutɔ, eye wògaɖe lɔlɔ̃ sia fia. 2 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Satana dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn vi la, be wòayi aɖade Yesu asi. 3 Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be, Mawu gbɔe yetso va eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ. 4 Le sia ta Yesu tsi tre le fiẽnuɖukplɔ̃a ŋu eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali. 5 Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la ƒe akpa aɖe tutua wo ŋui. 6 Esi wòɖo Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, mele be wò nãklɔ míaƒe afɔwo ŋuti na mí o.” 7 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mase nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake ava se egɔme emegbe.” 8 Ke hã Petro gbe be Yesu maklɔ yeƒe afɔwo o. Egblɔ na Yesu be, “Gbeɖe, mãklɔ nye afɔwo ŋuti o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema mãkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.” 9 Petro do ɣli gblɔ be, “Ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.” 10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ bena eŋuti nakɔ nyuie. Wò la, ŋutiwò kɔ, gake menye ame sia ame si le afi sia la ŋutie kɔ o.”" 11 Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ye de ge asi. 12 Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be," “Miese nu si mewɔ la gɔmea? 13 Miawo la mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã. 14 Minya be, esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo. 15 Kpɔɖeŋu wònye mena mi eya ta miwɔ ɖe kpɔɖeŋu sia dzi. 16 Enye nyateƒe be subɔla mekɔna wua eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe o. 17 Mienya esiawo eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi. 18 ”Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya mia dometɔ ɖe sia ɖe. Mawunya gblɔ be “Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.” Nya sia ava eme kpuie. 19 Mele nya siawo katã gblɔm na mi bena ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase. 20 ”Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ame si laxɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si laxɔm la, xɔ ame si dɔm ɖa.” 21 Azɔ Yesu gblɔ kple vevesese gã aɖe be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖekae adem asi.” 22 Nya siawo na be nusrɔ̃la ɖe sia ɖe trɔ kpɔ nɔvia ƒe ŋkume. Wonɔ ame si wòwɔnɛ la dim be yewoanya. 23 Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu. 24 Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Biae, mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe.” 25 Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?” 26 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simon vi, Yuda Iskariot. 27 Esi Yuda ɖu aboloa vɔ ko la, satana ge ɖe eme. Yesu gblɔ nɛ be, “Đe abla nãyi aɖawɔ nu si nèɖo la.” 28 Ke nusrɔ̃la mamlɛawo mese nya si gblɔm Yesu nɔ la gɔme o. 29 Woawo ya bu be esi wònye Yudae nye yewoƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo. 30 Yuda hã dzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me. 31 Esi Yuda do go le xɔa me la, Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi de be woaɖe Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go eye woaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya amea me. 32 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mawu aɖe ŋutikɔkɔe sia ɖe go to menye. 33 Vinye lɔlɔ̃wo, ɣeyiɣi vi aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ƒe amegãwo ene la, miadim gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã miate ŋu ava o.” 34 Le esia ta la, mele se yeye nam mi, si nye be, milɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mii ene. 35 Lɔlɔ̃ vavã si miatsɔ na mia nɔewo lae afia xexeame kɔtee be mienye nye nusrɔ̃lawo vavã.” 36 Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi kae nèyina?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.” 37 Petro gabiae be, “Nu ka tae nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la mele klalo be maku ɖe tawò.” 38 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be ãte ŋu aku ɖe tanyea? Nyateƒe wònye gblɔm mele na wò be hafi koklo naku atɔ zi gbãtɔ etsɔ fɔŋli la, ãgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃ be yemenyam o.”

Yohanes 14

1 Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migana vɔvɔ̃ naɖo mi eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se. 2 Fofonye ƒeme la xɔ nyui geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. 3 Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma. 4 Mienya afi si meyina la xoxo eye mienya mɔ la hã.” 5 Toma gblɔ nɛ be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, mienya afi si nèyina o, aleke wɔ miate ŋu anya mɔ la?” 6 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. 7 Ne ɖe mienya ame si ƒomevi menye la, anye ne mienya ame si ƒomevi Fofonye hã nye. Tso azɔ dzi la, mienya ame si Fofonye nye eye miekpɔe hã!” 8 Filipo gblɔ be, “Aƒetɔ, fia Fofo la mí ekema miaƒe dzi adze eme.” 9 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame sia ame si kpɔm la, Fofo lae ma wòkpɔ. Ke nu ka wɔ miegale didim be yewoakpɔ Fofo la? 10 Đe miexɔe se be, mele Fofo la me eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ wonye Fofonye si le menye la ƒe nyawo. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye. 11 Miawo ya mixɔe se ko be mele Fofo la me eye Fofo la hã le menye. Ne miate ŋu axɔ ase le mɔ sia nu o la, ekema mixɔ dzinye se le nukunu gã geɖe siwo mewɔ miekpɔ la ta. 12 Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be, ame sia ame si xɔa dzinye sena la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe Fofo la gbɔ. 13 Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti. 14 Ẽ, ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi. 15 ”Ne mielɔ̃am la, miawɔ nye sewo dzi. 16 ”Mabia Fofo la, wòaɖo Nyaxɔɖeakɔla bubu ɖe mi, 17 ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexeame mate ŋu axɔ Nyaxɔɖeakɔla sia o elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae elabena ele mia me eye wòanɔ anyi kpli mi. 18 Nye la, nyemagble mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ. 19 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, xexeametɔwo magakpɔm o, ke miawo ya miakpɔm elabena mele agbe eye miawo hã mianɔ agbe. 20 Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye eye nye hã mele mia me. 21 Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am, eye ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e eye maɖe ɖokuinye afiae.” 22 Yuda, ke menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu si tsɔ ŋkɔ sia la biae be, “Aƒetɔ, nu ka ta wònye be mí nusrɔ̃lawo koe nèle ɖokuiwò ɖe ge afia ke menye xexeame katã o?” 23 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Elabena ele be maɖe ɖokuinye afia ame siwo lɔ̃m eye wowɔa nye gbe dzi. Fofo la hã alɔ̃ wo eye nye kple Fofo la miava nɔ wo gbɔ. 24 Ame sia ame si mewɔa nye gbe dzi o la, melɔ̃am o. Nya siwo gblɔm mele la menye nye ŋutɔ tɔnye o, ke boŋ etso Fofo si dɔm ɖa la gbɔ. 25 Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ. 26 Ke ne Fofo la dɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe, Akɔfala la, ɖo ɖe nye teƒe la, afia nu geɖewo mi eye wòagbugbɔ kpe aɖo nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi. 27 ”Mele ŋutifafa gblem ɖi na mi. Nye ŋutɔ nye ŋutifafa tsɔm mele na mi. Menye xexeame tɔ ƒomevi o. Eya ta migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya kple vɔvɔ̃ o, eye dzika hã megatso mia ƒo o. 28 ”Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ elabena Fofo la lolo wum. 29 Megblɔ nya siawo na mi hafi woava dzɔ ale be ne wova dzɔ la, ne miaxɔ dzinye ase. 30 ” Nyemagayi nuƒoƒo na mi dzi fũu o elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o, 31 gake ele be xexeame nanyae be melɔ̃ Fofo la eye be mewɔa nu si tututu Fofo la ɖo nam be mawɔ. Azɔ la, mina míadzo.”

Yohanes 15

1 Nyee nye Wainti vavã la eye Fofonyee nye Agbletɔ la. 2 Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu. 3 Miawo la Fofo la kɔ mia ŋu xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta. 4 Minɔ menye eye nye hã manɔ mia me. Wain ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o. Eya ta miawo hã, nyemanɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.” 5 Nyee nye Wainti la eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe elabena nyemanɔmee la miate ŋu awɔ naneke o. 6 Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe. 7 Ke ne mienɔ menye eye miewɔ nye gbe dzi la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi. 8 Nye nusrɔ̃la vavãwo tsea ku geɖe eye esia hea ŋutikɔkɔe geɖe vanɛ na Fofonye.” 9 Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene. Eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ sia me ɖaa. 10 Ne miewɔa nye se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene. 11 Mele nya siawo gblɔm na mi bena dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me eye wòanɔ mia me agba go. 12 Mele se dem na mi be, mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mii ene. 13 Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔviae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe eta. 14 Ne miewɔ ɖe nye gbe dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo. 15 Azɔ la, nyemagayɔ mi be subɔlawo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔla o. Ke mayɔ mi azɔ be xɔ̃nyewo. Esia le eme vavã elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gblɔ nam la na mi. 16 Menye miawoe tiam o. Nyee tia mi. Eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku nyui siwo anɔ anyi ɖaa. Le esia ta nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ dzi la, awɔe na mi. 17 Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo. 18 Ne xexe sia me tɔwo lé fu mi la, minyae be wolé fum gbã. 19 Nenye xexe sia me tɔwo mienye la, anye ne woalɔ̃ mi, ke esi metia mi tso xexeame ta la, wolé fu mi. 20 Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be,“Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã. 21 Xexe sia me tɔwo ati mia yome elabena mienye tɔnyewo. Woawɔ esia elabena womenya Mawu si dɔm ɖa la o. 22 ”Nenye ɖe nyemeva gblɔ mawunya la na wo o la, womabu fɔ wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o, gake esi wose mawunya la ta la, taflatsedodo aɖeke meli na wo o. 23 Ame sia ame si lé fum la, lé fu Fofonye hã. 24 Đe nyemewɔ nukunu gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o. Gake wokpɔ nukunu geɖe siwo mewɔ, eye wometsɔ ɖeke le eme o, ke boŋ wogbe nu le nye kple Fofonye gbɔ. 25 Esia wu nya si nyagblɔɖilawo gblɔ tso Mesia la ŋu be, ‘Wogbe nu le gbɔnye dzodzro.’ 26 Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ, va la, aɖi ɖase tso ŋutinye. 27 Gake ele be miawo hã miaɖi ɖase le ŋutinye, elabena mienɔ anyi kplim tso gɔmedzedzea me ke.

Yohanes 16

1 Megblɔ nya siawo katã na mi bena ne miedo go nu dziŋɔ siwo le mia ŋgɔ la, ke megaɖe le mia te o. 2 Ŋkekewo li gbɔna esi woaɖe mi le woƒe hame eye ne wowu mi hã la, woabu be Mawu ƒe dɔ wɔm yewole. 3 Woawɔ esiawo elabena womedze sim alo Fofo la o. 4 Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be mianɔ klalo eye ne ɣeyiɣia ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi tsã o, elabena menya be manɔ mia gbɔ vie. 5 Azɔ medzo yina ame si dɔm ɖa la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia afi si meyina ta se o. 6 Ke esi megblɔe na mi la, miaƒe dziwo yɔ fũu kple nuxaxa. 7 Enye nyateƒe be ne medzo le mia gbɔ la enyo wu, elabena ne nyemedzo o la, Akɔfala hã mava o. Ke ne medzo la, Ame sia ava, elabena maɖoe ɖe mi.” 8 Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va la, atɔ asi xexe sia me tɔwo ƒe nu vɔ̃wo dzi na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, aɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ afia. 9 Xexe sia me tɔwo ƒe nu vɔ̃e nye be, womexɔ dzinye se o. 10 Le dzɔdzɔenyenye ŋuti la, meyina Fofo la gbɔ eye miagakpɔm o. 11 Eye le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti la, wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo.” 12 Nya geɖe ŋutɔ le asinye be magblɔ na mi gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o. 13 Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nye nyateƒe Gbɔgbɔ va la, ana miaŋɔ ɖe nyateƒe la me, elabena, magblɔ nya si dze eya ŋutɔ ŋu o, ke boŋ aƒo nu na mi tso nya siwo wòse la ko ŋu, eye agblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mi. 14 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe nye ŋutikɔkɔe afia elabena nu siwo katã wòagblɔ na mi la atso gbɔnye. 15 Nu siwo katã le Fofonye si la tɔnyee, esia tae megblɔ na mi be nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la agblɔ na mi la atso gbɔnye. E 16 Esusɔ vie miagakpɔm o eye esusɔ vie miagakpɔm.” 17 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo bia wo nɔewo bena, “Nu ka tututu gblɔm wòle? Egblɔ be, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o’ eye ‘esusɔ vie miagakpɔm’. Egagblɔ hã be, ‘Meyina Fofo la gbɔ.’ 18 ‘Esusɔ vie sia gɔme ɖe?’ Míese nu siwo katã gblɔm wòle la gɔme o.” 19 Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la gɔme, eya ta egblɔ be, “Nya siwo megblɔ la gɔme biam miele mia nɔewoa? 20 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, miaxa nu eye miafa avi, ke xexeame ya akpɔ dzidzɔ, mialé blanui, ke esia atrɔ azu dzidzɔ na mi. 21 Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve ale gbegbe, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesesea be enumake eye wòkpɔa dzidzɔ be yedzi ame ɖe xexeame. 22 Nenema ke wòle na miawo hã fifia, miele konyi fam, gake ne megatrɔ va mia gbɔ la, miakpɔ dzidzɔ gã aɖe, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ o. 23 Le ŋkeke mawo me la, miagabia nanekem o, elabena miate ŋu abia nu sia nu Fofo la faa, eye ne miebiae le nye ŋkɔ dzi ko la, ana mi. 24 Va se ɖe fifi la, miebia naneke le nye ŋkɔ dzi kpɔ o. Ke azɔ la miadze egɔme. Mibia nu Fofo la le nye ŋkɔ dzi, ekema ana mi eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã agba go. Meɖu xexeame dzi” 25 Meƒo nu tso nu siawo ŋu na mi to lododowo me, ke ɣeyiɣi li gbɔna esi nyemagawɔ esia o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofo la ŋu. 26 Le ŋkeke mawo me la, magahiã be maɖe kuku ɖe mia nu o, ke boŋ ne miebia nane Fofo la le nye ŋkɔ dzi la, 27 ana mi, elabena mielɔ̃m eye miexɔe se bena Fofo lae dɔm ɖa. Le esia ta Fofo la hã lɔ̃ mi vevie. 28 Fofo la gbɔe metso va xexe sia me eye Fofo la gbɔ magatrɔ ayi.” 29 Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Azɔ ko nèle nu ƒom na mi faa, ke menye to lododowo me o. 30 Azɔ la mienyae bena ènya nu sia nu eye megahiã be ame aɖeke naɖe naneke gɔme na wò o. Miexɔe se tso azɔ dzi yina be Mawue dɔ wò ɖa.” 31 Yesu bia wo be, “Miexɔe se azɔa? 32 Mikpɔ ɖa, gaƒoƒo aɖe li gbɔna eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, bena woade zi mia dome eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒe me, eye miagblem ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim. 33 Megblɔ nu siawo katã na mi be miaƒe dzi nadze eme. Tetekpɔ kple konyifafa geɖewo ava mia dzi, gake mele egblɔm na mi be, milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexe sia me ƒe fuwo katã dzi.”

Yohanes 17

1 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi hegblɔ be, “Fofo, ɣeyiɣia de azɔ. Đe Viwò la ƒe ŋutikɔkɔe fia ne Viwò hã natsɔ ŋutikɔkɔe na wò. 2 Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexeame eye be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ. 3 Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be, wòanya wò Mawu vavã la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexeame hã dzi ase. 4 Mewɔ dɔ ɖe sia ɖe si nède asi nam la eye to esia me la, mena wò ŋutikɔkɔe dze na anyigbadzitɔwo katã. 5 Eye azɔ la, Fofo, esi mele ŋkuwòme fifia la, ɖe ŋutikɔkɔe si le nye kpli wò si tso gɔmedzedzea me la fia le menye. 6 Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siawo. Tsã la, wonɔ agbe abe xexe sia me tɔwo ene, ke azɔ la, ètsɔ wo nam. Le nyateƒe me la, tɔwòwoe wonye, eye esi nètsɔ wo nam va se ɖe fifia la, wolé wò nya la me ɖe asi. 7 Azɔ ko wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò, 8 elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo eye woxɔe. Wonyae kɔtee bena metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa.” 9 Nyemele kuku ɖem ɖe xexeame katã nu o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ko nu, elabena tɔwòwoe wonye. 10 Nu siwo katã nye tɔnye la tɔwòe eye nu siwo nye tɔwò hã tɔnyee eye woawo mee woɖe nye ŋutikɔkɔe fia le. 11 Azɔ la, mele xexe sia me gble ge ɖi, ava gbɔwò. Fofo kɔkɔe, ame siwo katã nètsɔ nam la, wò ŋutɔ kpɔ wo dzi nyuie bena woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miele ɖeka ene, mègana ɖeke nabu le wo dome o. 12 Esi menɔ xexeame le afii la, mekpɔ ame siwo katã nètsɔ nam la dzi nyuie. Medzɔ wo ŋu bena ɖeka pɛ hã megatsrɔ̃ o, negbe vi sẽto la koe ayi dzo mavɔ me abe ale si mawunya gblɔe da ɖi ene.” 13 Ke azɔ la megbɔna gbɔwò eye mele nya siawo gblɔm esi mele wo gbɔ be nye dzidzɔ nanɔ wo me. 14 Hekpe ɖe esia ŋu la, megblɔ wò sededewo na wo, eye woxɔ wo, ke xexeametɔwo lé fu wo elabena womewɔa nu abe xexeametɔwo ene o. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexeametɔwo ƒe agbenɔnɔ o. 15 Fofo, menye ɖe mele biabiam be nãɖe wo le xexeame o, ke boŋ nãde wo wò aʋala te bena satana nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. 16 Menye xexe sia me tɔwo wonye o, abe ale si nye hã nyemenye xexe sia me tɔ o ene. 17 Eya ta na woazu kɔkɔe eye woanye ame dzadzɛwo, to wò nya la me, elabena wò nya lae nye nyateƒe. 18 Abe ale si nèdɔm ɖe xexeame ene la, nye hã mele wo dɔm ɖe xexeame. 19 Mewɔ ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.” 20 “Nyemele gbe dom ɖa ɖe woawo ɖeɖe ko ta o. Ke mele gbe dom ɖa ɖe ame siwo hã ava xɔ dzinye ase to woƒe gbedeasi me, 21 be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye eye nye hã mele mewò ene. Woawo hã nenɔ mía me be xexeame naxɔe ase be wòe dɔm ɖa. 22 Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me be xexeame nanyae be wòe dɔm ɖa eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene. 23 Ne mele wo me eye wò hã nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexeame anyae bena wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene. 24 Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam elabena èlɔ̃m vevie hafi xexeame va dzɔ gɔ̃ hã. 25 ”O, Fofo dzɔdzɔetɔ, xexe sia me tɔwo menya wò o, gake nye la menya wò, eye nusrɔ̃la siawo hã nya be wòe ɖom ɖa. 26 Meɖe ame si wò Fofo la nènye la fia wo, eye manɔ esia dzi bena lɔlɔ̃ gã si nètsɔ nam la nanɔ woawo hã me, eye nye hã maxɔ nɔƒe ɖe woƒe dziwo me.”

Yohanes 18

1 Esi Yesu wu nya siawo nu la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo do go yi ɖatso tɔsisi si woyɔna be Kidron la heyi egodo eye woyi abɔ aɖe si le afi ma la me. 2 Yuda, ame si de Yesu asi la hã nya teƒe sia elabena Yesu kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo yina afi ma edziedzi. 3 Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖe asrafowo kple kpovitɔwo kpe ɖe Yuda ŋu bena woava lé Yesu. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔa me afi si Yesu le. 4 Yesu nya nu siwo katã le dzɔdzɔ ge ɖe dzi. Ezɔ ɖe ameawo dzi eye wòbia wo be, “Ame ka dim miele?” 5 Woɖo eŋu nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyee nye esi.” Yuda, ame si fia eyomemɔ la hã le tsitre ɖe wo gbɔ le afi ma. 6 Esi Yesu gblɔ nya sia ko la, ameawo katã dze anyi. 7 Yesu gabia wo ake be, “Ame ka tututu dim miele?” Eye wogaɖo eŋu nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” 8 Yesu te gbe ɖe edzi na wo ake be, “Megblɔe na mi be, Nyee nye esi, azɔ le esime wònye nye dim miele ta la, mina ame siawo ya nadzo le ŋutifafa me.” 9 Yesu gblɔ nya sia bena woawu nya si wògblɔ ɖi do ŋgɔ nu be, “Nyemebu ame siwo nètsɔ nam la ƒe ɖeke o.” 10 Ke Simɔn Petro ɖe eƒe yi le aku me eye wòkpa ɖusimeto na Malkus, Osɔfo gãtɔ la ƒe dɔla. 11 Yesu trɔ gblɔ na Petro bena, “Tsɔ wò yi la de aku me. Đe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?” 12 Ale Yudatɔwo ƒe kpovitɔwo kple asrafowo kpakple asrafomegãwo lé Yesu eye woblae. 13 Gbã la, wokplɔe yi na Anas, si nye Kayafa to. Kayafae nye Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me eye 14 eyae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo bena,“Enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta tsɔ wu be dukɔ bliboa natsrɔ̃.” 15 Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ɖeka dze amehawo yome. Le esi nusrɔ̃la bubu sia dze si Osɔfo gãtɔ ta la, woɖe mɔ na eya faa wòge ɖe aƒea me. 16 Ke enɔ na Petro be wòalala le agboa nu. Nusrɔ̃la kemɛ, ame si Nunɔlagã la nya nyuie la, trɔ gbɔ va ƒo nu na ɖetugbi si nɔ agboa nu dzɔm eye wòna mɔ Petro wòge ɖe eme. 17 Enumake nyɔnuvi la bia Petro bena, “Menye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃la menye o.”" 18 Kpovitɔwo kple subɔlawo do dzo nɔ ƒuƒum ɣemaɣi elabena vuvɔ nɔ wɔwɔm sesĩe. Ale Petro hã va tsi tre ɖe wo dome nɔ dzoa ƒum. 19 Le ʋɔnua la, Osɔfo gãtɔ la bia Yesu ame siwo nye eƒe nusrɔ̃lawo kple nu si tututu wòle wo fiam. 20 Yesu ɖo eŋu na wo be," “Ame geɖewo nya nu si fiam mele, elabena mefia nu zi geɖe le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, Yudatɔwo ƒe amegãwo katã ɖoa to nya siwo megblɔna, eye nya aɖeke meli si megblɔna le ɣaɣlɛƒe si nyemegblɔna le dutoƒo o. 21 Eya ta menye nyee wòle be miabia nya siae o, ke boŋ mibia ame siwo va ɖoa to nye nyawo. Wo dometɔ aɖewo hã le afi sia eya ta mibia wo.” 22 Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dometɔ ɖeka ƒo tome nɛ zi ɖeka hebiae bena, “Nenema wòle be nãɖo nya ŋui na Osɔfo gãtɔ la?” 23 Yesu gblɔ nɛ bena, “Nenye be alakpa dam mele la, ekema tɔ asi nu si nye alakpa le nye nuƒoa me la dzi nam. Ke ne nyateƒe tom mele la, ɖe wòle be nãƒo tome na ame si le nyateƒe tom la mahã?” 24 Ale Anas na wobla Yesu eye wokplɔe yi Kayafa, Osɔfo gãtɔ la gbɔe. 25 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Simɔn Petro ganɔ dzoa ƒum eye ame bubu gabiae bena, “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃lae menye o.” 26 Osɔfo gãtɔ la ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si nye ame si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ aɖe hã bia Petro bena, “Menye wòe mekpɔ le abɔa me, nèle Yesu ŋu oa?”" 27 Ke Petro gasẽ nu bena, yemenya Yesu o. Eye enumake la koklo ku atɔ. 28 Kayafa hã drɔ̃ ʋɔnu Yesu, eye wòwu eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu le fɔŋli. Tso afi sia la wokplɔe yi ɖe Roma gɔvina la ƒe aƒe mee. Ame siwo tsɔ nya ɖe Yesu ŋu la gbe bena yewomage ɖe aƒea me o, elabena ne woyi afi ma la, ekema wogblẽ kɔ na wo ɖokui, eye ne woƒo ɖi wo ɖokui alea la, womana mɔ wo woaɖu Ŋutitotolẽvi la o. 29 Ale Pilato, Roma gɔvina la ŋutɔ do go va kpe wo eye wòbia wo bena," “Nya kae mietsɔ ɖe ame sia ŋu eye nu kae miebe ewɔ?” 30 Ameawo hã da gbe ɖe Pilato bena, “Đe ame sia mewɔ nu vɔ̃ɖi aɖeke o la, míele ekplɔ ge ava afi siae o.” 31 Pilato ɖo eŋu na wo bena, “Ne ele alea la, mikplɔe yii eye miatsɔ miawo ŋutɔ ƒe sewo adrɔ̃ ʋɔnui.” Ameawo gaɖo eŋu nɛ be, “Đe miedi bena miaklãe ɖe ati ŋu eya tae mĩeva bena nãda asi ɖe ɖoɖo sia dzi.” 32 Esia wu nyagblɔɖi si Yesu gblɔ ɖi tso ale si wole ewu gee la nu. 33 Pilato trɔ yi ɖe eƒe fiasã la me, ena wokplɔ Yesu va egbɔe eye wòbia be, “Woe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?” 34 Yesu biae bena, “Susu ka nue nèbia nya sia ɖo? Le Yudatɔwo ƒe susu nu loo alo le wò susu nua?” 35 Pilato ɖo eŋu kple dziku be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya ma biamem hã? Menye wò ŋutɔ mia de tɔwo kple woƒe Osɔfogãwoẽ kplɔ wò va afi sia oa? Nu ka tae wokplɔ wò vɛ ɖo? Agɔ kae nèdze?” 36 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye la, menye anyigbadzifiae menye o. Nenye anyigbadzifiae menye la, anye ne nye amewo awɔ aʋa ɖe nunye esi Yudatɔwo ƒe amegãwo va lém. Nye fiaɖuƒea metso xexe sia me o.” 37 Pilato gabiae bena, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ele me nenema, eye fiaɖuɖu tae wodzim ɖo. Eye esi meva xexe sia me la, ɖe meva bena magblɔ nyateƒe la afia ame sia ame. Ame siwo katã xɔ nyateƒe la dzi se lae nye nye nusrɔ̃lawo.” 38 Pilato do ɣli enumake bena, “Nu kae nye nyateƒe la?” Edo go ɖagblɔ na Yudatɔwo be, “Nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le ame sia ŋu o. 39 Azɔ kɔnu aɖe le mia si si mewɔna na mi ƒe sia ƒe le Ŋutitotoŋkeke la dzi, eyae nye be maɖe asi le ame siwo le gaxɔ me la dometɔ si mielɔ̃ la ŋu na mi. Eya ta ne enye miaƒe didi la, maɖe asi le ‘Yudatɔwo ƒe Fia’ la ŋu na mi.” 40 Ke ameawo ƒe mo nyra eye wodo ɣli sesĩe be, “Gbeɖe! Mègaɖe asi le ame sia ŋu o, ke boŋ ɖe asi le Baraba ŋu na mi!” Baraba siae nye adzodala aɖe si wode gaxɔ me.

Yohanes 19

1 Azɔ Pilato na woƒo Yesu kple atam vevie. 2 Asrafowo wɔ ŋukuku ɖɔ nɛ eye wodo awu dzĩ nɛ. 3 Woɖu fewu le eŋu, eye wodo gbe nɛ fewuɖutɔe be, “Miedo gbe na wò Yudatɔwo ƒe Fia.” Eye ne wole esia wɔm la, woƒoa tome nɛ. 4 Pilato gado go va xexe eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minyae bena nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.” 5 Ale wòkplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo bena “Miaƒe ame lae nye esi.” 6 Esi Yudatɔwo kple woƒe Osɔfogãwo kpɔ Yesu ko la, woƒe dzi fla eye wodo ɣli sesĩe bena, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato ɖo eŋu na wo bena, “Miawo ŋutɔ miyi miaklãe ɖe atia ŋu, nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.” 7 Woɖo eŋu nɛ bena, “Le miaƒe se nu la, ele nɛ be wòaku elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe Vii.” 8 Esi Pilato se nya siawo la, vɔvɔ̃ ɖoe wu tsã 9 eya ta egakplɔ Yesu yi fiasã la mee eye wòbiae be, “Kpɔ ɖa afi kae nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o. 10 Pilato gabiae bena, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Mènyae be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo be mana woaklã wò ɖe ati ŋu oa?” 11 Yesu gblɔ nɛ bena, “Wò la, mãte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o. Eya ta ame siwo kplɔm vɛ na wò la, woƒe nu vɔ̃ sɔgbɔ wu tɔwò.” 12 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, Pilato di vevie ŋutɔ be yeaɖe asi le eŋu, gake Yudatɔwo ƒe Osɔfowo gblɔ nɛ bena, “Ne èkatse ɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la, tsi tre ɖe Kaisaro ŋu.” 13 Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu gado goe tsɔ va wo gbɔe eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi, Woyɔa teƒe si woda kpe gbadza sia ɖo le Hebrigbe me be, “Gabata”. 14 Ŋkeke si dzi wole nu siawo wɔm la nye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la. Eye esi ŋdɔ me ɖo la, Pilato gblɔ na Yudatɔwo bena, “Mikpɔ ɖa, miaƒe Fia lae nye esi!” 15 Wo katã wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe, mikplɔe dzoe ne miaklãe ɖe ati ŋuti!” 16 Ale Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be woayi aɖaklãe ɖe ati ŋuti. 17 Woƒe asi su Yesu dzi mlɔeba. Wotsɔ eƒe atitsoga da ɖe abɔta nɛ be wòatsɔ eye wokplɔe do go le dua me ɖo ta “Ametakoloeƒe”, si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me. 18 Afi siae woklã Yesu ɖe ati ŋu le eye woklã adzodala eve hã ɖe eƒe axawo kple eve dzi. 19 Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be, ‘YESU NAZARETITÅ, YUDATÅWO ƑE FIA.” 20 Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o eye woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Latingbe kple Helagbe me bena ame sia ame nate ŋu axlẽe. 21 Osɔfogãwo va gblɔ na Pilato be, mele be woaŋlɔ ɖe atitsoga la ƒe tame be “Yudatɔwo ƒe Fia” o, ke boŋ neŋlɔe be, “Ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe Fia.” 22 Pilato ɖo eŋu na wo be, “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo. Nenɔ nenema.” 23 Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la, woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke awutewui la ya la, womemae o. Awu sia nye awuʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi. 24 Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ eye ame si ɖu dzi la naxɔe” . Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be, “Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awuʋlaya dzi.” Aleae asrafoawo wɔ. 25 Nyɔnu aɖewo va tsi tre ɖe atitsoga la gbɔ ɣemaɣi. Woawoe nye Yesu dada, dada nɔvi si woyɔna be Maria, ame si nye Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala. 26 Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.” 27 Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la hã be, “Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!”" Eye tso ɣemaɣi dzi la nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒemee. 28 Esi Yesu nyae bena nu sia nu wu nu azɔ eye woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ bena," “Tsikɔ le wuyem!” 29 Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano. 30 Esi Yesu ɖɔe kpɔ vɔ ko la, egblɔ bena, “Ewu nu vɔ azɔ,”" eye wòde ta to heɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu. 31 Yudatɔwo ƒe amegãwo medi bena ameawo nanɔ atia ŋu va se ɖe Sabat ŋkeke la dzi o, eye kpe ɖe esia ŋu la, Sabat ŋkeke sia nye Sabat tɔxɛ elabena edze Ŋutitotoŋkeke la dzi, eya ta wodi tso Pilato si bena wòana woaŋe wo katã ƒe afɔwo bena woaku kaba. Eye ne woku la, woate ŋu aɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu." 32 Ale asrafowo va ŋe ame eve siwo woklã kpe ɖe Yesu ŋu la ƒe afɔwo. 33 Ke esi wòɖo Yesu dzi la, wokpɔ bena eku xoxo, eya ta womegaxa ŋe eƒe afɔwo o. 34 Ke hã la, asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ axadame nɛ eye ʋu kple tsi do go. 35 Ame si kpɔ nu siawo katã teƒe la ŋlɔ nu tso eŋu na mí tsitotsito bena miawo hã miaxɔe ase. 36 Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!” 37 Eye ŋɔŋlɔ bubu hã gagblɔ be, “Woafɔ ŋku ɖe ame si wotsɔ akplɔ tɔe la dzi.” 38 Le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ƒe amegãwo ta la, va bia Pilato be wòana mɔ ye yeaɖe Yesu ƒu kukua le atia ŋu, eye Pilato na mɔe. 39 Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zãtiƒe la hã va eye wòtsɔ ami si naa ame kuku nɔa anyi ɣeyiɣi didi aɖe la vɛ. Ami sia ƒe kpekpe me anɔ abe kilogram blaetɔ̃ sɔŋ ene eye wotsɔ atike tɔxɛ aɖewo wɔe. 40 Wosi ami la nɛ eye wo kple eve la tsɔ aklala si me ami ʋeʋĩ yɔ fũu la bla Yesu ƒe kukua ɖe eme. Wowɔe abe ale si Yudatɔwo wɔna na ame kuku hafi ɖina ene. 41 Abɔ aɖe te ɖe afi si woklãe ɖo la ŋu eye le abɔa me la yɔdo yeye aɖe si me womeɖi ame ɖo kpɔ o la li. 42 Eye le esime Sabat la ƒe gɔmedzedze tu aƒe ta la, wotsɔe yi ɖaɖi ɖe yɔdo sia me. Elabena etsɔ ɖe kpuiƒe na wo.

Yohanes 20

1 Le Kɔsiɖagbe ŋdi kanya, esi xexeame mekɔ vɔ tututu o la, Maria si tso Magdala la yi Yesu ƒe yɔdo gbɔ eye wòkpɔ bena womli kpe gã si nɔ yɔdoa nu la ɖa. 2 Eƒu du yi Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdoa me eye nyemenya afi si wotsɔe ɖada ɖo o!” 3 Azɔ Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ la tso kpla yi ɖe yɔdoa gbɔ. 4 Wo ame eve la ƒu du, ke nusrɔ̃la kemɛ la ƒu du gbɔ Petro ŋu hetre yɔdo la gbɔ ɖoɖo. 5 Ebɔbɔ eye wòkpɔ ameɖivɔ la le yɔdoa me. 6 Simɔn Petro hã va ɖo, eye wòge ɖe yɔdoa me. Eya hã kpɔ avɔ ɣi ƒuƒlu la le anyigba eye 7 taku si wotsɔ bla Yesu ƒe moe la, woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdoa ƒe axa dzi. 8 Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdoa gbɔ gbã la hã ge ɖe eme mlɔeba, ekpɔ eye wòxɔe se be etsi tre vavã. 9 Elabena va se ɖe ɣemaɣi hã la, womenya be mawunya gblɔ bena agatsi tre o. 10 Nusrɔ̃la la kple Petro trɔ yi aƒe me. 11 Ke le ɣeyiɣi sia me Maria ya gatrɔ yi yɔdoa to eye wònɔ avi fam. Esi wònɔ avi fam la, ebɔbɔ be yeagakpɔ yɔdoa me ɖa, 12 kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdoa me, ɖeka le tade eye evelia le afɔde. 13 Mawudɔlawo biae bena, “Nu ka tae nèle avi fam ɖo?” Eɖo eŋu na wo bena, “Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wotsɔe da ɖo o.” 14 Efɔ kɔ dzi eye wònye kɔ kpɔ megbe, kasia ekpɔ ame aɖe wònɔ tsitre ɖe emegbe. Yesue nye amea gake mekpɔe dze si o. 15 Ame la biae be, “Nu ka ta nèle avi fam? Ame ka dim nèle?” Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va tsɔe le afi sia la, gblɔ afi si nètsɔe da ɖo la nam bena mayi aɖakɔe.” 16 Azɔ Yesu yɔe be, “Maria!” Enumake Maria hã trɔ ɖe Yesu ŋu. 17 Yesu gblɔ nɛ bena, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Gake yi nãdi nɔvinyewo ne nãgblɔ na wo bena meyina ɖe Fofonye, ame si nye miawo hã Fofo la kple nye Mawu ame si nye miawo hã ƒe Mawu la gbɔ.” 18 Maria Magdalatɔ la yi ɖadi nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na wo bena, “Mekpɔ Aƒetɔ la!”" eye wògblɔ nya siwo Yesu de asi nɛ la na wo. 19 Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me nɔ takpekpe wɔm. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã sesĩe elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo ƒe amegãwo. Wole afi sia kasia Yesu va do ɖe wo dome kpoyi eye wòdo gbe na wo be," “Ŋutifafa na mi” . 20 Etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe bena wogakpɔ Aƒetɔ la. 21 Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm ɖe xexeame.” 22 Le esia megbe la, egbɔ ɖe wo dzi eye wògblɔ bena, “Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 23 Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekema ekpɔ tsɔtsɔke vavã eye ne miegbe mietsɔe ke ame aɖe o la, ekema eƒe nu vɔ̃wo atsi eŋu.” 24 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si nye evenɔvi, eye woyɔnɛ be Toma ya menɔ nusrɔ̃lawo dome ɣemaɣi o. 25 Esi wòva la nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena, “Miekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma ɖo eŋu na wo bena, “Nyemaxɔe ase o, va se ɖe esime nye ŋutɔ matsɔ nye asibidɛ aƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me eye matsɔ nye asi aƒo ɖe abi si le axadame nɛ la me hafi.” 26 Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu eye fifia ya la Toma hã nɔ wo dome. Kasia Yesu gava do ɖe wo dome eye wògado gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi” . 27 Azɔ egblɔ na Toma bena, “Zɔ va nãtsɔ wò asibidɛ aƒo ɖe nye asiƒome, eye nãtsɔ wò asi aƒo ɖe nye axadame kpɔ. Tso azɔ la, mèganye dzimaxɔsetɔ o, xɔse vavã nenɔ asiwò!” 28 Toma ɖo eŋu nɛ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu.” 29 Yesu gagblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la èxɔe se be nyee, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.” 30 Nusrɔ̃lawo kpɔ Yesu wòwɔ nukunu bubu geɖewo siwo ya womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o, 31 ke woŋlɔ esiawo da ɖi bena miaxɔe ase bena eyae nye Mesia la kple Mawu ƒe Vi, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe.

Yohanes 21

1 Emegbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberias ƒua nu. 2 Eva dzɔ bena, Simɔn Petro, Toma Venɔvi la, Nataniel si tso Kana le Galilea, kple Zebedeo viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu, nɔ ƒuta. 3 Simon Petro gblɔ bena, “Meyina tɔƒo.” Tete wo katã gblɔ be, “Míayi kpli wò.” Ale wodze mɔ yi ɖage ɖe tɔdziʋua me gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o. 4 Le ŋdi la, Yesu nɔ tsitre ɖe ƒua ta gake nusrɔ̃lawo menyae be Yesue ma o. 5 Yesu do ɣli bia be, “Xɔ̃nyewo, mieɖe lã aɖea?” Woɖo eŋu be, “Ao, mieɖe naneke o.” 6 Egagblɔ bena, “Mida miaƒe ɖɔ la ɖe ʋua ƒe nuɖusime lɔƒo eye miaɖe lã” Wowɔ ɖe eƒe gbe dzi eye nyateƒe woɖe lã fũu ale gbegbe be womete ŋu hee de ʋua me gɔ̃ hã o. 7 Azɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Petro bena, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia ko la, etsɔ eƒe awu do kaba elabena avɔ kakɛ aɖe koe wòsa ɖe ali, eye wòdzo dze tɔa me doo, heƒu tsi va gota. 8 Ke mí ame mamlɛawo la, míetsi ʋua me he ɖɔa va gota elabena gota anɔ abe meta alafa ɖeka ko ene. 9 Esi míeɖo gota la, míekpɔ be wodo dzo ɖe afi ma, lã meme nɔ edzi, eye abolo hã kpe ɖe eŋu. 10 Yesu gblɔ na wo bena, “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.” 11 Ale Simɔn Petro yi ɖakpe ɖe wo ŋu wohe ɖɔ la ɖe gota. Esi woxlẽe la, gã siwo woɖe la, enɔ alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, gake ɖɔ la mevuvu o. 12 Yesu gblɔ na wo be, “Azɔ, miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu bia ame si wònye o elabena woka ɖe edzi be Aƒetɔ lae. 13 Yesu ma aboloa kple lã la na wo. 14 Esia nye zi etɔ̃lia Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo esi wòfɔ tso ame kukuwo dome. 15 Esi woɖu ŋdinu vɔ la, Yesu bia Simɔn Petro bena, “Simɔn, Yohanes vi, èlɔ̃m wu ame siawoa?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, wò ŋutɔ ènyae bena nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema kpɔ nye alẽawo dzi.” 16 Yesu gabiae be, “Simɔn, Yohanes vi, elɔ̃m vavã?” Petro ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènyae be nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema kpɔ nye alẽawo dzi.” 17 Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes vi, èle lɔ̃yema?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èle lɔ̃yema?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènya nu sia nu eye ènyae be melɔ̃ wò.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo. 18 Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃, gake ne èku amegã la, ãkɔ wò abɔwo dzi, ame bubu ado awu na wò eye woakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o.” 19 Yesu gblɔ nya sia nɛ bena wòatsɔ afia ku si ku ge wòala atsɔ kafu Mawu. Esi Yesu wu nya la nu la, egblɔ nɛ bena, “Dze yonyeme.” 20 Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka le eƒe megbe gbɔna. Nusrɔ̃la siae nye ame si nɔ Yesu ƒe axadzi tututu le nuɖuƒea hebiae be, “Aƒetɔ, mía dometɔ kae ade wò asi mahã?” 21 Ale Petro bia Yesu be, “Ku ka tɔgbie li na ame sia ya?” 22 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Nenye be medi be wòanɔ agbe va se ɖe esi magava la, wò nyae wònyea? Wò ya mebe dze yonyeme.” 23 Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome bena, nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke menye nya siae Yesu gblɔ kura o, ɖeko wògblɔ bena, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esi magava la, wò nyaea?” 24 Nusrɔ̃la siae nye esi Yesu lɔ̃na. Ekpɔ nu siawo katã teƒe tsitotsito eye wòŋlɔ wo da ɖi. Eye mí katã míenya be eƒe ɖaseɖiɖi tso nu siawo ŋu nye nyateƒe. 25 Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã kpe ɖe esiawo ŋu. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖi la, mesusu be xexeame katã gɔ̃ hã malolo na agbalẽ siawo tsɔtsɔ o.





AMAZING GRACE BIBLE INSTITUTE